Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 38:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke esi Onan nya bena, ɖeviawo manye ye tɔ o la, ɖaa ne edɔ nɔvia srɔ̃ gbɔ la, enana tsi la duduna ɖe anyigba, bena yemagado ƒome ɖi na nɔvia o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ke Onan medi be yeadzi vi si womabu abe ye ŋutɔ tɔ ene o, eya ta togbɔ be eɖe Tamar hã la, ɣe sia ɣi si wòadɔ Tamar gbɔ la, enana eƒe ŋutsutsi la duduna ɖe aba la dzi, ale be Tamar mafɔ fu adzi vi si anye nɔvia kukua tɔ o.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 38:9
11 Referans Kwoze  

Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã?


Elabena afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna.


Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.


Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o.


Dziku la, nu nyayrãe, eye dɔmedzoe dzea agbo; ke ameka ale ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?


Ke boŋ dziku wua bometsila, eye abunetɔ kuna ɖe ŋuʋaʋã me.


Eye mexɔ Moab-nyɔnu Rut, Maxlon srɔ̃, hã wòzu srɔ̃nye, be ame kuku la ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu, ne ame kuku la ŋkɔ magatsrɔ̃ le noviawo kple wo dedu me o! Miawoe nye ɖasefowo egbe!


Eye ŋutsuvi gbãtɔ, si wòdzi la, nalé nɔvia, si ku la, ƒe ŋkɔ ɖe te, ne eƒe ŋkɔ magatsrɔ̃ le Israel o.


Ke Naomi gblɔ bena: Vinyewo, migbugbɔ! Nukaŋuti miebe, yewoayi kplim? Alo ŋutsuvie gale dɔ menam miava ɖea?


Nuwɔwɔ sia vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wowu eya hã.


Ne nɔviŋutsuwo le afi ɖeka, eye wo dometɔ ɖeka medzi ŋutsuvia ɖeke hafi ku o la, ekema ame kukua srɔ̃ mekpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubua ɖeke o, ke boŋ srɔ̃a nɔvi naxɔe aɖe woazu srɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite