Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 38:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Le ŋkeke geɖewo megbe la Sua vinyɔnu, si nye Yuda srɔ̃ la ku. Eye esi Yuda fa nɛ vɔ la, eya kple xɔlɔ̃a Xira, Adulamtɔ la woyi ɖe Timnat, be woakpɔ amesiwo le fu sẽm na eƒe alẽwo la ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yuda srɔ̃ ku. Le kunuwɔwɔ nɛ vɔ megbe la, Yuda kple exɔlɔ̃, Hira, Adulamtɔ la yi Timna be woakpɔ fukoko na alẽwo dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 38:12
13 Referans Kwoze  

Eye liƒo la tro tso Baala ɖo ta Seir-to gbɔ le ɣetoɖoƒe heva zɔ Har-Yearim-to la ŋu le anyiehe, esia nye Kesalon, eye wòmlo to Bet-Semes vaseɖe Timna.


Ke ele fia Dawid dzrom vevie be, yeatsɔe ake Absalom; elabena eƒe akɔ fa le Amnon, si ku la ta.


Simson yi Timnat, eye wòkpɔ nyɔnuvia ɖe le Filistitɔwo ƒe nyɔnuwo dome le Timnat.


Eye Isak kplɔe yi ɖe dada Sara ƒe agbadɔ me, eye wòɖe Rebeka wòzu srɔ̃a, eye wòlɔnɛ ŋutɔ. Ale Isak ƒe ake fa le dada ƒe ku ŋuti.


Esi Abigail va Nabal gbɔ la, kpɔ ɖa, etu aglo ɖe eƒe me, abe alesi fia tua agloe ene, eye Nabal kpɔ dzidzɔ hemu aha wòtso me; ke megblɔ nya sue alo geɖe nɛ, vaseɖe esime ŋu ke o.


Elon, Timnat, Ekron,


Hakayin, Gibea kple Timna. Wole du ewo hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu.


Zenan, Xadasa, Migdal-Gad,


Yarmut, Adulam, Soxo, Azeka,


Le ɣemaɣi me la Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ heyi ɖe Xira. Adulamtɔ la gbɔ.


Ke esi Laban yi fu sẽ ge na lãwo la, Raxel fi fofoa ƒe aklama kpakpɛwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite