Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 37:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Gbe ɖeka egaku drɔ̃e bubu, eye woli eya hã na nɔviawo bena: Megaku drɔ̃e be, ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ wode ta agu nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Yosef gaku drɔ̃e bubu, eye wògalĩi na nɔviawo be, “Mise nye drɔ̃e si megaku la ɖa. Ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ de ta agu nam!”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 37:9
19 Referans Kwoze  

Miele mɔli biam le agble me, tete nye mɔli babla tsi tre, eye wòdzɔ kã; kasiaa mia tɔwo va ƒo xlãe, eye wode la agu nɛ.


bena miazu mokaka manɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo, mawuvi, siwo nye ame maɖifɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina, amesiwo dome mieklẽna le abe akaɖiwo ene le xexeame,


Edo eɖokui ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu nuwo ŋuti, eye wòdudu dziƒo ŋu nua ɖewo kple dzinuviwo ƒo ɖe anyi henyã avuzi lewo dzi.


Eye Yosef tsɔ nuɖuɖu kpɔ fofoa, nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã dzi, amesiame kple evia.


Yosef na woɖo eƒe tasiaɖam ɖo, eye wòɖoe yi fofoa Israel kpe ge le Gosen. Esi wòkpɔe la, ekpla asi kɔ ne, eye wòfa avi ɖe eƒe ko dzi ʋuu.


Eyata netsɔ, ne miayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Ale viwò Yosef gblɔ esi: Mawu ɖom amegãe ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi; va gbɔnye, megahe ɖe megbe o!


Nye aƒetɔ bia eƒe dɔlawo bena: Ɖe fofo alo nɔviŋutsu gale mia siá?


Eye esi Yuda kple nɔviawo va Yosef ƒe me la, Yosef gale afima ko — tete wodze klo ɖe ta agu nɛ.


Woɖo ŋu bena: Wò dɔla, mía fofo le sesĩe, eye wogale agbe, Tete wodze klo tsyo mo anyi nɛ.


Ke nusi ta Farao ku drɔ̃ea zi eve ɖo la enye: Mawu ɖoe kplikpa, eye Mawu le ewo ge kaba.


Tete Yosef gblɔ na Farao bena: Farao ƒe drɔ̃eawo gɔme le ɖeka. Nusi wɔ ge Mawu gbɔna la, eyae wòɖe fia Farao.


Eye esi wòlii na fofoa kple nɔviawo la, fofoa ka mo nɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Drɔ̃e ka enye si nèku? Alo ɖe mia kple dawo kple nɔviwòwo míava dze klo ade ta agu na wò mahã?


Tete nɔviawo gblɔ nɛ bena: Ɖe nèle didim be, naɖu fia ɖe mía nu, eye naɖu mía dzia? Tso ekema dzi wogalé fui ɖe dzi wu le eƒe drɔ̃ekuku kple eƒe nyawo ta.


Ke le zã me la Mawu va Abimelex gbɔ le ɖrɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, àku kokoko le nyɔnu, si nèxɔ la ta, elabena ame srɔ̃e.


Eye Yosef, si enye anyigba dzi ɖula la, dzra bli na anyigbadzitɔwo katã. Esi Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ la.


Esi Yosef va aƒea me la, wotsɔ nunana, si wotsɔ vɛ la, yi ne, eye wodze klo de ta agu nɛ.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite