Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 37:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Miele mɔli biam le agble me, tete nye mɔli babla tsi tre, eye wòdzɔ kã; kasiaa mia tɔwo va ƒo xlãe, eye wode la agu nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Míeyi ɖanɔ mɔlu blam le gbedzi; tete nye mɔlu babla tsi tsitre, eye mia tɔwo katã va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 37:7
12 Referans Kwoze  

Eye esi Yuda kple nɔviawo va Yosef ƒe me la, Yosef gale afima ko — tete wodze klo ɖe ta agu nɛ.


Eye Yosef, si enye anyigba dzi ɖula la, dzra bli na anyigbadzitɔwo katã. Esi Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ la.


Esi Yosef va aƒea me la, wotsɔ nunana, si wotsɔ vɛ la, yi ne, eye wodze klo de ta agu nɛ.


Tete Yosef ɖo ŋku drɔ̃e, si wòku le wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo bena: Ŋkutsalawo míenye! Ɖe mieva, be miadi mɔnu le anyigba la ŋu.


eye eyamae nye ŋutilã, si nye hame la ƒe ta, amesi nye gɔmedzedze kple ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome, bene wòanye gbãtɔ na nuwo katã;


bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me,


Nye aƒetɔ bia eƒe dɔlawo bena: Ɖe fofo alo nɔviŋutsu gale mia siá?


Dukɔwo asubɔ wò, eye ƒomewo anɔ wò ŋusẽ te. Aɖu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo nu, eye dawòviwo adze klo na wò. Amesi ke aƒo fi ade wò la, woaƒo fi adee, eye amesi ke ayra wò la, wõayrae!


Egblɔ na wo bena: Miɖo to, ne miase drɔ̃e, si meku!


Woɖo ŋu bena: Wò dɔla, mía fofo le sesĩe, eye wogale agbe, Tete wodze klo tsyo mo anyi nɛ.


Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be: Taflatse, nye aƒetɔ! Na wò dɔla naƒo nu kple nye aƒetɔ, eye megabi dzi ɖe wò dɔla ŋu o; elabena èle abe Farao ene.


Emegbe la nɔviawo ŋutɔ yi, eye wodze klo de ta agu nɛ gblɔ bena: Miawo nye si, tsɔ mi wɔ wò kluviwoe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite