Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 37:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Esia nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Esi Yosef nye ɖekakpuivi xɔ ƒe wuiadre la, enɔa alẽwo kplɔm kple tɔviawo, siwo nye fofoa srɔ̃ Bilha kple Silpa viŋutsuwo, eye ne wowɔ nu vloea ɖe wose la, Yosef va gblɔnɛ na fotoa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Esiae nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Fifia Yakob ƒe vi Yosef xɔ ƒe wuiadre. Eya kple fofoviawo, ame siwo nye fofoa srɔ̃wo Bilha kple Zilpa ƒe viwo ƒe dɔe nye be woakpɔ wo fofo ƒe lãwo dzi. Yosef gblɔa nu madzemadze siwo nɔviawo wɔna la na wo fofo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 37:2
17 Referans Kwoze  

Elabena gbã la, ne mieƒo ƒu ɖe hame la ƒe takpekpe me la, mesena bena, mamãwo naa mia dome, eye mexɔa ɖewo dzi sena.


Ke esi Israel le nuto sia me la, Ruben de asi fofoa ƒe kosi Bilha ŋu, eye Israel see.


Wose mia ŋkɔ keŋ bena, ahasiwɔwɔ le mia dome, eye ahasiwɔwɔ ma tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o bena, amea ɖe xɔ fofoa srɔ̃.


Elabena Xloeƒemetɔwo ɖee fiãm le mia ŋuti, nɔvinyewo bena, dzre le mia dome.


Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔ wo vɔ̃ɖi.


Ke esi Lea kpɔ bena, yemegale vi dzim o la, etsɔ eƒe kosi Silpa na Yakob wòɖe.


Eye wòtsɔ eƒe kosi Bilha ne wòde, eye Yakob dɔ kplii.


Esia nye Noa viŋutsuwo, Sem, Xam kple Yafet ƒe dzidzimeviwo ŋutinya: Le tsiɖɔɖɔ la megbe la wodzi ŋutsuviwo na wo.


Esia enye Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya Noa enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome, eye Noa zɔ kple Mawu.


Esia nye Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinyagbalẽ. Esi Mawu wɔ Adam la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.


Esia nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi, si me Yehowa Mawu wo anyigba kple dziƒo.


Yosef xɔ ƒe blaetɔ̃, esime wòtsi tre ɖe Egipte-fia Farao ƒe ŋku me. Eye Yosef dzo le Farao gbɔ yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.


Eye Yosef dze si nɔviawo, ke woawo medze sii o.


Fe eve enye si dɔwuame le anyigba dzi, eye wògasusɔ ƒe atɔ̃, siwo me womaŋlɔ nu, eye womaŋe nu o.


ekema miaɖo ŋu bena: lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime vaseɖe fifi abe mía tɔgbuiwo ke ene, bena wòaɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nyigba la dzi. Elabena Egiptetɔwo nyoa ŋu lãnyilawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite