Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 37:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Israel gblɔ na Yosef bena: Nɔviwòwo le alẽwo kplɔm le Sixem, va madɔ wò ɖe wo gbɔ. Eɖo ŋu bena: Nye enye si!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Israel gblɔ na Yosef be, “Abe ale si nènyae ene la, nɔviwòwo le alẽawo dzi kpɔm le teƒe si te ɖe Sekem ŋu. Va madɔ wò ɖe nɔviwòwo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be, “Enyo.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 37:13
13 Referans Kwoze  

Ke weingble la ƒe aƒetɔ gblɔ bena: Nuka wɔ ge mala? Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ ɖa; ɖewohĩ wòasi eya ŋku me ɖa.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Tete Eli yɔ Samuel bena: Vinye Samuel! Etɔ bena: Nyee nye si!


Yehowa gayɔ Samuel zi etɔ̃lia, enumake wòfɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Tete Eli dze sii bena, Yehowae le ɖevi la yɔm.


Tete wòyi ɖe fofoa gbɔ gblɔ bena: Fofonye! Eɖo ŋu bena: Nye enye si! Vinye, wò amekae?


Esi Isak ku amegã ɖeɖi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale be megale nu kpɔm o la, eya via xoxoetɔ Esau gblɔ nɛ bena: Vinye! Eɖo ŋu nɛ bena: Nyee nye si.


Le nya siawo megbe la Mawu do Abraham kpɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Abraham! Eɖo ŋu nɛ bena: Nye enye si!


Esi Yakob ʋu tso Mesopotamia la, eɖo Sixem, du, si le Kanaan-nyigba dzi la me dedie, eye wònɔ dua xa.


Gbe ɖeka esi nɔviawo yi wo fofo ƒe alẽwo kplɔ ge le Sixem la,


Tete Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo gblɔ bena: Abraham, Abraham! Eye wòtɔ bena: Nye enye si!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite