Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 37:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye esi wòlii na fofoa kple nɔviawo la, fofoa ka mo nɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Drɔ̃e ka enye si nèku? Alo ɖe mia kple dawo kple nɔviwòwo míava dze klo ade ta agu na wò mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Azɔ ya la, elĩ drɔ̃e la na fofoa kple nɔviawo siaa, ke fofoa ka mo nɛ hebiae be, “Drɔ̃e ka tɔgbie nye esia? Ɖe nye kple dawò kple nɔviwòwo míava de ta agu na wò gbe ɖekaa?”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 37:10
8 Referans Kwoze  

Dukɔwo asubɔ wò, eye ƒomewo anɔ wò ŋusẽ te. Aɖu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo nu, eye dawòviwo adze klo na wò. Amesi ke aƒo fi ade wò la, woaƒo fi adee, eye amesi ke ayra wò la, wõayrae!


Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.


Miele mɔli biam le agble me, tete nye mɔli babla tsi tre, eye wòdzɔ kã; kasiaa mia tɔwo va ƒo xlãe, eye wode la agu nɛ.


Gbe ɖeka egaku drɔ̃e bubu, eye woli eya hã na nɔviawo bena: Megaku drɔ̃e be, ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ wode ta agu nam.


Esi Yosef va aƒea me la, wotsɔ nunana, si wotsɔ vɛ la, yi ne, eye wodze klo de ta agu nɛ.


Woɖo ŋu bena: Wò dɔla, mía fofo le sesĩe, eye wogale agbe, Tete wodze klo tsyo mo anyi nɛ.


Eye esi Yuda kple nɔviawo va Yosef ƒe me la, Yosef gale afima ko — tete wodze klo ɖe ta agu nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite