Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 36:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena woƒe kesinɔnuwo so gbɔ akpa, ale bena womate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ o; eye anyigba, si dzi wonye amedzro le la, mede wo nu o, le woƒe lãhawo ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Anyigba si dzi wole la megalolo na wo ame eveawo o le woƒe lãhawo ta.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 36:7
8 Referans Kwoze  

Eye anyigba mede wo nu bena, woanɔ wo nɔewo gbɔ o; elabena woƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ akpa, eyata womete ŋu nɔ wo nɔewo gbɔ o.


Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Eye woatsɔ Abraham ƒe yayra ana mia kple wò dzidzimeviwo, bena nanyi anyigba, si Mawu tsɔ na Abraham, si dzi nènye amedzro le la dome.


Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me;


Eye Lot tia Yordan-nutowo me katã na eɖokui, eye Lot ʋu yi ɖe ɣedzeƒe gome; ale nɔvi kple nɔvi dome klã.


Elabena amedzrowo míenye le ŋkuwò me, eye amegbɔmewo míenye abe mía fofowo katã ene; míaƒe ŋkeke le abe vɔvɔli ene le anyigba dzi, eye mɔkpɔkpɔ mele eŋu o.


Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela.


migatu xɔ o, migaƒã nuku o, eye migade weingble alo ɖe nanye mia to o; ke boŋ minɔ agbadɔwo me le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne mianɔ agbe eteƒe nadidi le anyigba, si dzi míenye amedzro le la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite