Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 36:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Esau kplu srɔ̃awo, viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo kple eƒe kluvi, siwo katã le eƒe me, kple eƒe lãhawo kple eƒe dɔwɔlãwo katã kpe ɖe eƒe kesinɔnu, siwo katã wòkpɔ le Kanaan-nyigba dzi la ŋuti, eye woʋu le nɔvia Yakob gbɔ heyi ɖe Seir-nyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Esau kplɔ srɔ̃awo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpakple subɔla siwo le eƒe aƒe me, kple lãhawo kple kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaanyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 36:6
10 Referans Kwoze  

Eye esi Yakob kpɔ wo la, egblɔ be Mawu ƒe asaɖa enye esia! Eyata wòyɔ teƒe ma be Maxanaim.


kple botsyo kple ami ʋeʋẽe kple atike ʋeʋẽe kple ami sisi kple lifi kple aha kple ami kple wɔ nyuitɔ kple lu kple aƒemelãwo kple alẽwo kple sɔwo kple tasiaɖamwo kple ame ƒeƒlewo kpakple amewo ƒe luʋɔwo.


Eye woatsɔ Abraham ƒe yayra ana mia kple wò dzidzimeviwo, bena nanyi anyigba, si Mawu tsɔ na Abraham, si dzi nènye amedzro le la dome.


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!


Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Eye Lot tia Yordan-nutowo me katã na eɖokui, eye Lot ʋu yi ɖe ɣedzeƒe gome; ale nɔvi kple nɔvi dome klã.


Eye anyigba mede wo nu bena, woanɔ wo nɔewo gbɔ o; elabena woƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ akpa, eyata womete ŋu nɔ wo nɔewo gbɔ o.


Eye Abram kplɔ srɔ̃a Sarai, kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu, be wòayi Kanaan-nyigba dzi, eye wova Kanaan-nyigba la dzi.


Yawan, Tubal kple Mesex tsa asi kpli wò, amegbetɔwo kple akɔblinuwo wotsɔ ƒle wò adzɔnuwoe.


Eye Oholibama dzi Yehus, Yaelem kple Korax. Esiawo nye viŋutsu, siwo wodzi na Esau le Kanaan-nyigba dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite