Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 35:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye míaʋu ayi Betel, bena maɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖo tom, esi mele xaxa me, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Eyi edzi be, “Elabena míele Betel yim, eye maɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma na Mawu si se nye gbedodoɖawo le nye xaxaɣi, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 35:3
24 Referans Kwoze  

Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Eye dɔlawo gatrɔ va Yakob gbɔ, eye wogblɔ bena: Miede noviwò Esau gbɔ, eye eya hã gbɔna kpe wò ge kple ame alafa ene.


Eye Yehowa gblɔ na Yakob bena: Trɔ yi fofowò ƒe anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye manɔ anyi kpli wò!


Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.


Ɖe menye tɔgbuinyewo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, si Isak hã vɔ̃na lae, nɔ anyi kplim o la, anye ne ado mɔm asi ƒuƒlui: gake Mawu kpo nye fukpekpe kple nye agbagbadzedze la, eyata wòtso afia nam etso ƒe zã, si va yi.


Zion-dukɔ, si le Yerusalem, meganɔ avifafa dzi o, elabena ave nuwò vavã le wò aƒadodo ta; ne enya see ko la, atɔ na wò.


Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me; eɖe wo tso woƒe xaxa me


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Eye esi wòna woɖe tsi wo kple nusiwo katã le esi, yi ɖe tɔa godo la,


Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Tete wotsɔ dzromawu, siwo katã le wo si, kple woƒe togɛwo na Yakob, eye Yakob ɖi wo ɖe ati gã, si le Sixem gbɔ la te.


Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima, eye wòyɔ teƒe la be „Betel ƒe Mawu“, elabena afima Mawu ɖe eɖokui fiae le, esime wòsi le nɔvia nu.


Ne eyi azɔlia dzi tso afima va ɖo logotiwo gbɔ le Tabor la, ekema akpe ŋutsu etɔ̃ le afima, siwo yina ɖe Mawu gbɔ le Betel; ɖeka lé gbɔvi etɔ̃ ɖe ta, evelia tsɔ abolo bɔbɔ etɔ̃, eye etɔ̃lia kpla wein lãgbalẽgolo ɖeka.


Eye woyra Yosef gblɔ bena: Mawu, si ƒe ŋku me fofonye Abraham kple Isak zɔ le, Mawu, si nye kplɔlanye le nye agbe me ŋkekewo katã me va do egbee,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite