Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 34:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Yakob se be, wogblẽ vianyɔnu Dina, ke viaŋutsuwo le gbedzi le eƒe alẽhawo gbɔ, eye Yakob zi kpi, vaseɖe esime wogbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Nu si Sekem wɔ ɖe Dina ŋu la va ɖo Yakob ƒe to me. Esi via ŋutsuwo nɔ nyi kplɔm le gbedzi hafi wòse nya la ta la, mewɔ naneke tso nya la ŋu o va se ɖe esime via ŋutsuawo trɔ gbɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 34:5
13 Referans Kwoze  

Ke Absalom megblɔ nya vɔ̃ alo nyuia ɖeke na Amnon o; elabena Absalom lé fu Amnon, le esi wogblẽ nɔvianyɔnu Tamar ta.


Eye wòɖo ŋu gblɔ na fofoa bena: Kpɔ ɖa, nenem ƒe geɖe siawo mesubɔ wò, eye nyemeda wò seawo dzi kpɔ o, ke nye la mena gbɔ̃ tatam kpɔ bena, mía kple xɔ̃nyewo míakpɔ dzidzɔ o:


Ke viaŋutsuvi xoxoetɔ le agble me; eye esi wòva tu aƒe la, ese saŋkuɖiɖi kple ɣeɖuɖu.


Eye Dawid dzona le Saul gbɔ enuenu ɖakplɔa fofoa ƒe alẽwo le Betlexem.


Eye Samuel bia Isai bena: Ɖekakpuiawo vɔa? Eɖo ŋu bena: Ekpɔtɔ ɖevitɔ, kpɔ ɖa, eyi alẽkplɔƒe! Tete Samuel gblɔ na Isai bena: Dɔ ame woaɖakplɔe vɛ; elabena míayi nuɖugba nu o, vaseɖe esime wòava afisia hafi!


Ke ame vloa ɖewo gblɔ bena: Amesia hãe aɖe mía? Wodo vloe, eye wometsɔ nunanaa ɖeke vɛ nɛ o. Gake esee, abe ɖe mesee o ene.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Gbemagbe ke wòɖe gbɔ̃tsu, siwo me fli to, kple esiwo tso kpɔ, kple gbɔ̃nɔ, siwo katã le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ — lã sia lã, si me ɣi to — kpakple alẽvi, siwo le yibɔ la, ɖe vovo, eye wòde wo asi na viawo.


Ɖem tso nye dzidadawo katã me; megatsɔm wɔ alɔmeɖenu na bometsilawo o!


Emegbe la Sixem gblɔ na fofoa Xamor bena: Ɖe ɖetugbi sia nam!


Eye Xamor, Sixem fofo, yi Yakob gbɔ, be wòaƒo nu kplii.


ekema miaɖo ŋu bena: lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime vaseɖe fifi abe mía tɔgbuiwo ke ene, bena wòaɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nyigba la dzi. Elabena Egiptetɔwo nyoa ŋu lãnyilawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite