Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 34:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Lewi bena: Miehe dzɔgbevɔ̃e va dzinye, eye anyi gbadzinɔla, siwo nye Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo la, woalem ɖe fu me: kpɔ ɖa, ame ʋeea ɖewo koe míenye, eye ne woaƒo ƒu ɖe mia ŋu la, ekema woaɖu mía dzi, eye woatsrɔ̃m kple tɔnyetɔwo katã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 34:30
33 Referans Kwoze  

Esime womede ha o, wole ʋee, eye wonye amedzro le edzi ko,


Eye Israel blibo la se bena, Saul si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo, eye Israel-viwo ƒe nya gblẽ le Filistitɔwo gbɔ. Tete woyɔ dukɔ la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal.


Eye Yosua gblɔ bena: Esi nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi la, eyata Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò egbea! Tete Israel blibo la ƒu kpe wo, eye wòtɔ dzo wo. Esi woƒu kpe wo vɔ la,


Eye wogblɔ na wo bena: Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòakpɔ me na mi. Elabena miena miede asi ʋeʋẽ me ɖe Farao kple eŋuti mewo, gɔ̃ la miede yi asi na wo, be woatso awu mí.


Esi Amon-viwo kpɔ be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Xanun kple Amon-viwo ɖo klosalo talento akpe ɖeka ɖa, ne wòaɖatsɔ aʋatasiaɖamwo kple sɔdolawo tso Mesopotamia, Aram-Maaxa kple Zoba.


afisi miele ʋee le, eye miaƒe xexlẽme mede naneke nu o, kple afisi míenye amedzroe le.


Axis ɖo ŋu ɖe Dawid ŋu hebu bena, anya wɔ nu baɖaa ɖe le eƒe dukɔ Israel gbɔ, eye wòanye yeƒe dɔla ɖaa.


Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me.


Amesi le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke amesi lé fu adzɔxɔxɔ la, anɔ agbe.


Amesi gblẽ eƒe aƒe la, aɖu aya; eye bometsila azu dɔla na nunyala.


Dɔmenyotɔ woa nyuie na eya ŋutɔ ɖokui; ke ŋutasẽla wɔa nu vevee eya ŋutɔ ƒe ŋutilã.


Miɖo ŋu eƒe nukunuwo, dzesiwo kple ʋɔnudɔdrɔ̃, si tso eƒe nu me,


Karmi vi nye: Axan, amesi he dzɔgbevɔ̃e va Israel dzi, le esi wòtsɔ busunuawo ƒe ɖe ta.


Eɖo ŋu bena: Menye nyee he gbegblẽ va Israel dzi o, ke boŋ mia kple fofowò ƒe aƒee, elabena mieɖe asi le Yehowa ƒe seawo ŋu, eye mèdze Baalwo yome.


Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.


Ke Dawid gblɔ le eƒe dzi me bena: Gbe ɖeka ko mele Saul si me tsi ge; anyo nam wu, ne mesi yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema Saul atasi nye nya, eye magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o, eye mage le esi me.


Samuel do ŋu bena: Aleke mawɔ ate ŋui? Ne Saul see la, awum. Yehowa gblɔ bena: Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi, eye nagblɔ be: Vɔ sa ge meva na Yehowa.


Menye esi miesa gbɔ wu dukɔwo katã ta Yehowa ku ɖe mia ŋu, eye wotia mi ɖo o, elabena miele ʋee le dukɔwo katã dome;


eɖanye anyigba dzi lãfɔne alo xe dzodzoe, si le dziƒoa te la, ƒe nɔnɔme o;


Ŋutsuvi, siwo wodzi na Yosef le Egipte la, wole ame eve. Yakob vi, siwo katã va Egipte la, wole ame blaadre.


Ne Egiptetɔwo akpɔ wò la, ekema woagblɔ bena, srɔ̃e sia, eye woawum; ke woana wòa natsi agbe.


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.


Woha woƒe kesinɔnuwo katã, eye woɖe aboyo ɖeviwo kple nyɔnuwo siaa, eye woha woƒe xɔme nuwo hã.


Woɖo ŋu ne bena: Ɖe eya kpɔ mɔ abu mia nɔvi gboloe mahã?


Yakob vi, siwo katã nu kplii yi Egipte, ne woɖe viaŋutsuwo srɔ̃wo le eme la, wole ame blaade vɔ ade.


Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mianɔ ʋee le dukɔ, siwo dome Yehowa nyã mi ɖo la dome.


Eye Abram tsa le anyigba la dzi vaseɖe Sixem kple Moreli gã la gbɔ; ke ɣemaɣi la Kanaantɔwo le anyigba la dzi.


Axitofel gblɔ na Absalom bena: Yi fofowò ƒe ahiã, tsiwo wogblẽ ɖe megbe, be woakpɔ aƒea dzi la gbɔ; eye ne Israel blibo la se be, mia kple fofowò dome gblẽ la, ekema ŋusẽ aɖo alɔ me na amesiwo katã le ŋuwò!


Eye wònye Israel ƒe futɔ le Salomo ƒe ŋkekewo katã me hekpe ɖe vɔ̃, siwo Hadad wo la ŋu, elabena esi wòɖu fia ɖe Aram dzi la, elé fu Israel.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite