Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 34:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye eƒe dzi ku de Yakob ƒe vinyɔnu Dina ŋu, eye wolã ɖetugbivi la, eye wòde asi eŋu beble me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Sekem lɔ̃ Dina si nye Yakob ƒe vinyɔnu vevie, eye wòdze agbagba be eya hã nalɔ̃ ye to enubeble me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 34:3
11 Referans Kwoze  

Magblẽ eƒe weinkawo kple aƒe gbotiwo, siwo ŋu wògblɔ le be, nunana wonye na ye, yeƒe ahlãvlwoe na ye la, eye mana woazu ave, ne gbemelãwo naɖu wo!


Mide dzi ƒo na Yerusalem be, eƒe aʋawɔdɔ la wu enu, eye woxe eƒe vodada ŋu fe, elabena exɔ teƒeɖoɖo eve nu tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo katã ta.


Eye Xizkiya ƒo nu kple Lewi-vi, siwo katã nya mɔnu le Yehowa ƒe subɔsubɔ ŋu la, xɔlɔ̃tɔe, eye woɖu ŋkekenyuie-vɔsalã la ŋkeke adre, wosa akpedavɔ, eye woʋu go wo ɖokui na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


elɔ̃ amesiwo lé fu wò, eye nele fu amesiwo lɔ wò; elabena eɖee fia egbea bena, amegã kple dɔlaa ɖeke mele asiwò o; elabena medze sii egbea bena, ɖe wònye Absalom ye tsi agbe, eye mi katã míeku la, ne enyo ŋuwò wu.


Esi wòƒo nu kple Saul vɔ la, Dawid ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.


Tete wogafa avi sesĩe. Eye Orpa ɖuɖɔ nu na lɔ̃xoa, ke Rut ya ku ɖe eŋu,


Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.


Emegbe la Sixem gblɔ na fofoa Xamor bena: Ɖe ɖetugbi sia nam!


Tete ŋutsu la kplu ɖekakpui ɖeka kple tedzi eve ɖe asi, eye wòtso dze eyome, be yeaƒo nu kplii fafɛ, ne yeakplɔe agbɔe. Eye nyɔnu la kplɔe yi fofoa ƒe me, eye esi ɖetugbi la fofo kpɔe la, exɔe kple dzidzɔ.


Eyata migavɔ̃ o, manyi mia kple mia viwo siaa! Ale wòfa ako na wo, eye wòde dzi ƒo na wo.


Eyata, kpɔ ɖa, mable enu akplɔe ayi gbegbe, eye maƒo nu wòade dzi me nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite