Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 34:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Le ŋkeke etɔ̃agbe, esi abi la le wo vem, eye woɖe ŋu ɖi la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Lewi, siwo nye Dina nɔviwò lã, wotsɔ woƒe yiwo dze du la dzi hewu ŋutsuwo katã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe esi abia le wo vem la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Levi siwo nye Dina nɔviwo la tsɔ woƒe yiwo, ge ɖe dua me, eye wowu ŋutsu ɖe sia ɖe.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 34:25
10 Referans Kwoze  

Elabena woawo la, ne womewó vɔ o kpea, wometea ŋu ɖɔa alo o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo.


Ke Xizkiya mezɔ ɖe dɔmenyo, si wòwɔ nɛ la nu o, ke boŋ ede asi dada me, eyata dɔmedzoe va eya kple Yuda kpakple Yerusalem dzi.


Esi wotso aʋa na wo katã vɔ la, wotsi afima le woƒe asaɖa me, vaseɖe esime abia ku na wo.


Elabena ƒe blane sɔŋ Israel-viwo zɔ gbedzi, vaseɖe esime aʋawɔla, siwo le dukɔ blibo la dome la ku, elabena womeɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye Yehowa ka atam na wo bena, womakpɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ na mí, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la o.


Eyata miwu ŋutsuvi, siwo katã le ɖeviawo dome, eye miwu nyɔnuvi, siwo katã ɖo ŋutsu gbɔ kpɔ;


Woho aʋa ɖe Midian ŋu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene, eye wowu ŋutsuwo katã.


Wowu Xamor kple via Sixem hã kple yi, eye wokplɔ Dina tso Sixem ƒe me hedzoe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite