Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 34:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ne mía dome ŋutsu sia ŋutsu atso aʋa, abe alesi woawo hã tso aʋae ene la, eya ko ŋutsuawo alɔ̃ anɔ mía gbɔ, bena míazu dukɔ ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Ke hafi esia nate ŋu ava eme la, nu ɖeka koe wobia; eyae nye be míaƒe ŋutsu ɖe sia ɖe natso aʋa abe woawo ene.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 34:22
3 Referans Kwoze  

Ŋutsu siawo nye ame fafawo le mia dome; eyata mina, woatso aƒe ɖe miaƒe anyigba dzi, eye woatsa le edzi. Kpɔ ɖa, anyigba la keke na wo le goawo katã me. Miaɖe woƒe nyonuviwo faa, eye miawo hã miatsɔ mía nyɔnuviwo na wo.


Woƒe lãhawo, kesinɔnuwo kple woƒe dɔwɔlãwo katã la menye mia tɔ, woanye oa? Eyata mina míawɔ woƒe nya la dzi, ekema woanɔ mia gbɔ.


Nye nubabla, si le mia kpli mi kple megbewòviwo dome, si me dim mele be, mialé ɖe asi la, enye esi: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite