Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 34:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ke esi Fia Hamor, Hivitɔ ƒe viŋutsu, Sekem kpɔe la, elée hedɔ egbɔ sesẽtɔe.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 34:2
23 Referans Kwoze  

Ne woflu nye dzi ɖe nyɔnu ŋu, eye mede xa ɖe hanyevi ƒe ʋɔtru nu la,


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.


Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ.


Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?


Simson yi Timnat, eye wòkpɔ nyɔnuvia ɖe le Filistitɔwo ƒe nyɔnuwo dome le Timnat.


Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


ekema ŋutsu, si de asi eŋu la, naxe klosalo blaatɔ̃ na nyɔnuvia fofo, eye woaxɔe aɖe, le esi wògblẽe la ta, eye mekpɔ mɔ aɖe asi le eŋu le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o.


ekema woakplɔ wo kple eve la ayi dua godo, eye woaƒu kpe wo woaku; woawu nyɔnuvi la, elabena du mee wòlée le, gake medo ɣlio; woawu ŋutsu la, elabena egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.


Ke ne eƒe nu meganyo ŋuwò o la, ekema naɖe asi le eŋu wòanɔ eɖokui si; ɖeko megatsɔe dzra xɔ ga o, eye megasẽ ŋuta le eŋu o, elabena edɔ egbɔ xoxo.


Eye wòƒle anyigba, si dzi wòtu eƒe agbadɔ ɖo la, le Sixem fofo Hemor ƒe viwo si, kesita alafa ɖeka.


Eye Abraham gblɔ le srɔ̃a Sara ŋuti bena, ye nɔvinyɔnue; eyata Abimelex, Gerar-fia, na wokplɔ Sara vɛ na ye.


Xiwitɔwo, Arkitɔwo kple Sinitɔwo,


mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Eye eƒe dzi ku de Yakob ƒe vinyɔnu Dina ŋu, eye wolã ɖetugbivi la, eye wòde asi eŋu beble me.


Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Lewi bena: Miehe dzɔgbevɔ̃e va dzinye, eye anyi gbadzinɔla, siwo nye Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo la, woalem ɖe fu me: kpɔ ɖa, ame ʋeea ɖewo koe míenye, eye ne woaƒo ƒu ɖe mia ŋu la, ekema woaɖu mía dzi, eye woatsrɔ̃m kple tɔnyetɔwo katã.


Eye Gaal, Ebed vi, gblɔ bena: Ameka nye Abimelex, eye ameka nye Sixemtɔ ma ƒe vi, ne míasubɔe? Ɖe menye eyae nye Yerub-Baal ƒe vi, eye wòtsɔ Zebul ɖo dumegã oa? Misubɔ Sixem fofo Hemor ƒe viwo boŋ! Nuka la gɔ̃ miasubɔ eya ɖo?


Ke Yakob vi mamleawo va ɖe nu le ame kukuawo ŋu, eye woha du la, elabena wogblẽ wo nɔvinyɔnu.


Tete Israel-ŋutsuwo gblɔ na Xiwitɔwo bena: Ɖewohi miele mía dome; aleke wo hafi míabla nu kpli mi?


Eye Dawid do ame woyi ɖakplɔe vɛ, eye esi wòva egbɔ la, ede asi eŋu. Esi nyɔnu la kpala ɖinu la le eɖokui ŋu vɔ la, etrɔ yi eƒe me.


Ke egbe toɖoɖo eƒe gbe, eye wòlée zi edzi hegblẽe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite