Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 34:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye wogblɔ na wo bena: Míate ŋu awɔ nya sia dzi be, miatsɔ mía nɔvinyɔnu na bolobolotɔ o, elabena esia enye ŋukpe na mí.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Wogblɔ be, “Míate ŋui gbeɖe o, elabena mietso aʋa o. Anye ŋukpe na mía nɔvinyɔnu la be wòaɖe bolobolotɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 34:14
16 Referans Kwoze  

Eye wòxɔ aʋatsotso ƒe dzesi, si nye xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la, ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu, bene wòanye fofo na amesiwo katã xɔna sena le aʋamatsomatso me la, bene woabui dzɔdzɔenyenye na woawo hã,


Ke esi wodzo yi la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe gblɔ bena: „Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò: elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.


Eye esi wòdɔ wo ɖo ɖe Betlexem la, egblɔ bena: Miheyi ɖadi ɖevi la vevie; eye ne miekpɔe la, migava ka eta nam bena, nye hã mayi aɖade ta agu nɛ.


Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me bena: Miɖe gbe ƒã be, woatsi nu adɔ, eye woakplɔ Nabot aɖo dukɔ la ŋgɔ.


Le ƒe ene megbe la Absalom gblɔ na fia la bena: Taflatse, na mayi adawɔ nye adzɔgbe, si meɖe na Yehowa la dzi le Xebron.


Migaɖe gbe ƒãe le Gat o, eye migado kpoe le Askalon ƒe ablɔwo me o, ne Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo nagadzɔ dzi, eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo nagatso aseye o!


Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le.


Tete Dawid bia ŋutsu, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Nuka woawɔ na amesi awu Filistitɔ ma, eye wòaɖe ŋukpe ɖa le Israel ŋu la? Elabena ameka nye Filistitɔ bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgoawo ŋu?


Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!


Eye ne ŋutsua ɖe ti, si womeɖe aʋanuyi ɖa nɛ o la, woaɖe nenem bolobolotɔ sia ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etu nye nubabla la.


Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa, eye esia anye mia kple mia dome nubabla la ƒe dzesi.


Eye Yakob viŋutsuwo do ŋu na Sixem kple fofoa Xamor le aye me, elabena egblẽ wo nɔvinyɔnu Dina.


Negbe ne mianɔ abe miawo ene, eye mia dome ŋutsu sia ŋutsu natso aʋa la, eya ko hafi míalɔ̃.


Fofoa kple dadaa gblɔ nɛ bena: Ɖe nyɔnua ɖeke mele nɔviwòwo ƒe vinyɔnuwo kple nye dukɔ blibo la dome o, eyata nayi aɖade srɔ̃ tso Filistitɔwo, siwo nye bolotɔwo la domea? Simson gblɔ na fofoa bena: Ɖee nam, elabena eƒe nu nyo ŋunye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite