Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 33:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Esau gblɔ bena: Nu geɖe le asinye, nɔvinye, wò nuwo nenɔ asiwò ko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Esau ko nu gblɔ be, “Nɔvinye, lãwo sɔ gbɔ ɖe asinye xoxo; tɔwòwo nenɔ asiwò ko!”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 33:9
13 Referans Kwoze  

Tete fofoa Isak gblɔ nɛ bena: Manɔ anyigba wɔnu dzi akpɔ o, eye dziƒozãmua ɖeke madza na wò o.


Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta.


megale abe kluvi ene o, ke boŋ wu kluvi la, ele abe nɔvi lɔlɔ̃ ene, vevietɔ na nye, ke aleke geɖe wu wònyee na wò le ŋutilã me kple Aƒetɔ la me siaa?


Eye esi wosee la, wokafu Mawu, eye wogblɔ nɛ bena: Nɔvi, èle kpɔma, alesi ame akpeakpewo xɔe se le Yudatɔwo dome, eye wo katã wonye ŋuʋãlawo ɖe se la ŋu;


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Ne amea ɖe ƒe zɔzɔme dze Yehowa ŋu la, enana be, eƒe futɔwo ke hã nɔa ŋutifafa me kplii.


Tete Israel-ŋutsuwo de dzi ƒo na wo ɖokui, eye wova dze aʋa ɖe afisi wodze aʋa ɖo le ŋkeke gbãtɔ dzi la.


Ke Esau lé Yakob ɖe fu me le yayra, si fofoa tsɔ nɛ la ta, eye Esau ɖo ta me gblɔ bena: Ne fofonye aku, eye woanɔ fu nyim nɛ la, ekema mawu nɔvinye Yakob!


Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Afika noviwò Habel le? Eye wòɖo ŋu nɛ be: Nyemenyae o! Alo nɔvinye dzikpɔla menyea?


Nyɔnuvi eve le axɔ̃ si: Tsɔe vɛ, tsɔe vɛ! Nu etɔ̃e meɖia ƒo gbeɖe o, eye enelia megblɔna be, esɔ gbɔ o:


Wò yi anyi wò, eye àsubɔ nɔviwò. Ke ne èle ʋiʋlim la, aɖe eƒe kɔkuti ɖa le wò kɔ dzi.


Yakob ɖo ŋu nɛ bena: Gbeɖe! Ne ave nunye la, ekema xɔ nye nunana la! Elabena mekpɔ wò ŋku me abe Mawu ƒe ŋku mee mekpɔ ene, eye nève nunye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite