Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 33:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebia bena: Amekawo nye esiawo le ŋuwò mahã? Eɖo ŋu bena: Woawoe nye vi, siwo Mawu na wò dɔla!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 33:5
9 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Yehowa tsɔ nam la, míenye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Zebaot, amesi le Zionto dzi la gbɔ.


Yosef ɖo ŋu na fofoa bena: Woawo nye vi, siwo Mawu nam le afisia! Eye wògblɔ bena: Kplɔ wo va gbɔnyee, ne mayra wo.


Eye wògagblɔ be: „Matsɔ nye ŋuɖoɖo aɖo edzi.“ Eye wògagblɔ be: „Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Mawu tso nam la, enye esi.“


Etia vinye Salomo le vinyewo katã dome, elabena Yehowa na vi geɖem, ne woabɔbɔ nɔ Yehowa ƒe Israel-fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.


Ɖevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa na nusi mebiae la, va me nam.


Ale Boas ɖe Rut wòzu srɔ̃a, eye esi wòdɔ egbɔ la, Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi.


Tete Yakob do dɔmedzoe ɖe Raxel ŋuti gblɔ bena: Alo Mawu ye menye, amesi xe wò vidzidɔa?


Tete kosiawo kple wo viwo va dze klo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite