Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 33:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye wòƒle anyigba, si dzi wòtu eƒe agbadɔ ɖo la, le Sixem fofo Hemor ƒe viwo si, kesita alafa ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Eƒle anyigba si dzi wònɔ la le Sekem fofo, Hamor ƒe ƒometɔwo si klosalo alafa ɖeka.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 33:19
10 Referans Kwoze  

eye wotsɔ wo va Sixem, eye wotsɔ wo mia yɔdo, si Abraham tso klosalo ƒlee le Xemor-viwo si le Sixem la me.


Ale wòva Samariatɔwo ƒe dua ɖe, si woyɔna be Sixar me, si le ɖe anyigba, si Yakob na via Yosef la ŋuti;


Eye Israel-viwo ɖi Yosef ƒe ƒu, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ la, ɖe Sixem, ɖe anyigba, si Yakob ƒle kesita alafa ɖeka le Sixem fofo Xamor ƒe viwo si la dzi, eye wòtrɔ zu Yosef-viwo ƒe domenyinu.


Eye wòɖi vɔsamlekpui ete afima, eye wòna ŋkɔe bena: „Mawu, si enye Israel ƒe Mawu“.


eye wòɖo ŋu na Efron bena: Mi duameviwo misee! Maxe fe ɖe agble la ta; meɖe kuku na wò, xɔ ga le asinye, be mate ŋu aɖi nye ame kukua ɖe afima!


Amegã, se nye gbe! Anyigba, si ke xɔ klosalo sekel alafa ene la, nuka wònye le mía kpli wò domee? Ɖi wò ame kukua ko.


Eye Gaal, Ebed vi, gblɔ bena: Ameka nye Abimelex, eye ameka nye Sixemtɔ ma ƒe vi, ne míasubɔe? Ɖe menye eyae nye Yerub-Baal ƒe vi, eye wòtsɔ Zebul ɖo dumegã oa? Misubɔ Sixem fofo Hemor ƒe viwo boŋ! Nuka la gɔ̃ miasubɔ eya ɖo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite