Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 33:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Meɖe kuku, nye aƒetɔ nedze eƒe dɔla ŋgɔ, eye nye la madze yowòme blewublewu, abe alesi lãha la kple ɖevi dzawo ate ŋui ene, vaseɖe esime matu nye aƒetɔ le Seir.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 eya ta nye aƒetɔ, miawo mido ŋgɔ, eye míawo míadze mia yome ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi le Seir.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 33:14
13 Referans Kwoze  

Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Eye esi Yakob kpɔ wo la, egblɔ be Mawu ƒe asaɖa enye esia! Eyata wòyɔ teƒe ma be Maxanaim.


Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.


Eye wògblɔ nya fia wo le lododo sia ƒomevi geɖewo me, abe alesi wòanya se na wo ene.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi Moab kple Seir wole gbɔgblɔm be, Yuda ƒe aƒe la zu abe dukɔ bubuwo katã ene la,


Azɔ kpɔ ɖa, Amon-viwo kple Moab-viwo kpakple amesiwo le Seir-towo dzi, amesiwo dome mèɖe mɔ na Israel, be woato, esime wotso Egipte o, ke boŋ wode axa na wo, eye wometsi wo o la,


Yehowa, esi neho tso Seir, eye netsa to Edom-tagba la, anyigba ʋuʋu, dziŋgɔ ɖuɖu tsi, eye alilikpowo hã dza tsi;


Tete mietrɔ, eye miehe ɖo ta gbedzi heto Avaƒu gbɔ mɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nam ene, eye mietrɔ Seir-to la ta eteƒe didi.


Mena notsi mi mieno, eye menye nuɖuɖu sesẽ o, elabena miesẽ ŋu haɖe o; eye fifi hã miesẽ ŋu haɖe o,


Eɖo ŋu ne bena: Nye aƒetɔ, wò ŋutɔ ènyae bena, ɖevi dzawo kple alẽ kple nyi vinɔwo le ŋunye ne woaƒo du ɖe wo nu ŋkeke ɖeka ko la, ekema lãha blibo la atsrɔ̃.


Eye Yakob dɔ dɔlawo ɖo ɖe eŋgɔ ɖe nɔvia Esau gbɔ le Seir-nyigba dzi le Edom gbedzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite