Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 33:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Xa nye nusi wotsɔ vɛ na wò la dzro, elabena Yehowa yram, mekpɔ nu geɖe! Eye wótèe ɖe ŋu, vaseɖe esime wòxɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Meɖe kuku, xɔ nye nunanawo ko, elabena Mawu yram, eye nu geɖe le asinye.” Yakob ƒoe ɖe enu, eye Esau lɔ̃ xɔ nunanawo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 33:11
21 Referans Kwoze  

Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.


Ke azɔ la xɔ nusiwo wò dɔlanyɔnu tsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na ɖekakpui, siwo kplɔ nye aƒetɔ ɖo la!


Naeman ɖo ŋu be: Ne enyo ŋuwò la, xa talento eve. Eye wòƒoe ɖe enu, eye wòbia klosalo talento eve ɖe kotoku eve me hekpe ɖe atsyɔ̃ɖowu eve ŋu, eye wòtsɔ wo de eƒe ɖekakpui eve si wotsɔ dze eŋgɔe.


Esau gblɔ bena: Nu geɖe le asinye, nɔvinye, wò nuwo nenɔ asiwò ko.


Eye ŋutsu la ƒe kesinɔnuwo le dzidzim ɖe dzi ŋutɔ, eye wòkpɔ alẽwo kple gbɔwò, kosiviwo kple kluviwo, kposɔwo kple tedzi geɖewo?


Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Eyata amea ɖeke nagaƒo adegbe le amewo ŋuti o, elabena nuwo katã nye mia tɔ,


Eye aƒetɔ la gblɔ na dɔla la bena: Do go yi mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nazi wo dzi be, woava me, bena nye aƒe la nayɔ fũ.


Eye woƒoe ɖe enu, vaseɖe esime nya la wui, eye wògblɔ bena: Midɔ ame ɖa! Tete wodɔ ŋutsu blaatɔ̃ ɖa woɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o.


Esi Dawid gbɔ va Ziklag la, eɖo aboyonuawo ƒe ɖewo ɖe Yuda-ame tsitsiwo, siwo nye xɔlɔ̃awo la bena: Kpɔ ɖa, mixɔ nunana tso Yehowa ƒe futɔwo ƒe aboyonuwo me!


Eɖo ŋu nɛ bena: Yram, etsɔ dziehenyigba nam xoxo, eyata tsɔ tsivudoawo hã nam! Tete Kaleb tsɔ vudo, siwo le to dzi kple bali me la nɛ.


Eɖo ŋu be: Yram, elabena ètsɔ dziehenyigba nam xoxo, eyata tso tsivudoawo hã nam! Tete Kaleb tso vudo, siwo le to dzi kple bali me la nɛ.


Yakob ɖo ŋu nɛ bena: Gbeɖe! Ne ave nunye la, ekema xɔ nye nunana la! Elabena mekpɔ wò ŋku me abe Mawu ƒe ŋku mee mekpɔ ene, eye nève nunye.


Eye wògblɔ bena: Na miadze mɔ, ke nye la madze ŋgɔwò.


Eye miagblɔ bena: Wò dɔla Yakob hã le mía megbe gbɔna. Elabena egblɔ be, yeatsɔ nunana, siwo dze ŋgɔ nɛ la, akpatae gbã, hafi ye ŋutɔ yeado ɖe eƒe ŋku me, ɖewo ave ye nu axɔ ye matu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite