Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 32:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye wògblɔ bena: Womagayɔ wò be Yakob akpɔ o, ke boŋ Israel, elabena ete kame kple Mawu kpakple ame, eye nete ŋui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 32:29
18 Referans Kwoze  

ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Ɖe àte ŋu ake ɖe Mawu ƒe agunu ŋua? Alo ale ŋu ade ŋusɛ̃katãtɔ ƒe mlɔeanu kekeakea?


Eye dɔla la ɖo eŋu nɛ bena: Nyee nye Gabriel, si nɔa tsitre ɖe Mawu ŋku me, eye wòdɔm ɖa, be maƒo nu na wò, eye magblɔ nya nyui sia fia wò


Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.


Ameka lia yi dziƒo gaɖi va anyi? Ameka lɔ ya ɖe asiʋlo me? Ameka bla tsi ɖe avɔ me? Ameka ɖo anyigba ƒe mlɔenuwo katã tsitrenu? Eŋkɔ ɖe, eye aleke woyɔna na via? Enyaea?


Eye Mawu gaɖe eɖokui fia Yakob, esime wògbɔ tso Mesopotamia, eye wòyrae.


Eyata womagayɔ wò bena Abram akpɔ o, ke boŋ Abraham anye wò ŋkɔ. Elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe.


Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Ŋkɔwò enye Yakob; tso esia dzi la womagayɔ wò bena Yakob o, ke boŋ wò ŋkɔ anye Israel. Eyata woyɔnɛ bena Israel.


Eye Mose dɔ dɔlawo le Kades ɖo ɖe Edom-fia gbã bena: Ale nɔviwò Israel gblɔ esi: Wò ŋutɔ ènya fu, siwo katã dzo ɖe mia dzi.


Eye Eliya tsɔ kpe wuieve le Yakob, amesi Yehowa gblɔ na be: ŋkɔwòe anye Israel la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu.


Vaseɖe egbegbe wogale woƒe kɔnu xoxoawo dzi; womevɔ̃a Yehowa ɖeɖe o, eye womewɔna le woƒe dodowo kple woƒe kɔnuwo ɖeɖe nu loo, alo wona le nufiafia kple se, siwo Yehowa de na Yakob, amesi wotsɔ ŋkɔ na be Israel ƒe viwo la nu o.


Eye Abraham dzi Isak. Isak viwo nye: Esau kple Israel.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite