Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 32:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Nenema wògblɔ na ame evelia, etɔ̃lia kple mamle, siwo katã le lãhawo kplɔm la, eye wògblɔ bena: Alea tututu miagblɔ na Esau, ne mieɖo goe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Yakob ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpata Esau kple nunanawo hafi yeado goe ŋkume kple ŋkume! Yakob kpɔ mɔ be, “Ɖewohĩ axɔ mí nyuie.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 32:20
14 Referans Kwoze  

Adzamenunana faa dɔmedzoe nu, eye zãnunana, si wohe ɖe akɔnu vɛ la, laa adãwɔwɔ nu.


amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,


Amea ɖe menya nu o Mawu atrɔ ta me, avee, eye eƒe dɔmedzoe heliheli la nu afa, be miatsrɔ̃ o hĩ!


Fia ƒe dziku enye ku ƒe dɔla; ke nunyala faa dzi nɛ.


Dɔmedzoetɔ ɖɔa avu, ke tufala tsia dzre nu.


Avulénua ɖeke malé enuo, eye ne ena nu geɖe hã la, mãlɔ̃ o.


Tete eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, míese bena, Israel ƒe aƒe la ƒe fiawo la, fia veamenuwo wonye, eyata na míasa akpanya ɖe ali, eye míasa ka ɖe ta ahayi Israel-fia gbɔ; ɖewohĩ ana natsi agbe.


Miwɔ miaƒe ƒoƒoeawo kple afi, siwo le miaƒe anyigba gblẽm la, ƒe nɔnɔme, eye miɖe bubu Israel ƒe Mawu la ŋu! Ɖewohĩ ana eƒe asi, si va mia ŋutɔwo kple miaƒe mawuwo kpakple miaƒe anyigba dzi la, dzi naka aɖe.


Tete wo fofo Israel gblɔ na wo bena: Ne ele alea la, ekema miwɔ ale: Mitsɔ anyigba dzi nu vevia ɖewo de miaƒe kotokuwo me yi ɖana ŋutsu la: lifi kple anyitsi via ɖe, ami ʋeʋẽ, kotoklobo, ayedee kple newo.


ekema naɖo ŋu bena. Wò dɔla Yakob ɖo nu siawo ɖe nye aƒetɔ Esau: eye eya ŋutɔ le mia megbe gbɔna.


Eye miagblɔ bena: Wò dɔla Yakob hã le mía megbe gbɔna. Elabena egblɔ be, yeatsɔ nunana, siwo dze ŋgɔ nɛ la, akpatae gbã, hafi ye ŋutɔ yeado ɖe eƒe ŋku me, ɖewo ave ye nu axɔ ye matu.


Amegbetɔ ƒe nunana naa alɔmeɖeƒee, eye wòkplɔnɛ yia ame ŋkutawo ŋku mee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite