Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 31:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wògblɔ na wo bena: Mekpɔ be, mia fofo megakɔa ŋku me ɖem abe tsã ene o; gake fofonye ƒe Mawu la li kplim.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 ale be yewoalé nya aɖewo kpɔ. Yakob gblɔ na wo be, “Mia fofo tso ɖe ŋunye, ke fofonyewo ƒe Mawu va ƒo nu nam.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 31:5
15 Referans Kwoze  

Eye woyra Yosef gblɔ bena: Mawu, si ƒe ŋku me fofonye Abraham kple Isak zɔ le, Mawu, si nye kplɔlanye le nye agbe me ŋkekewo katã me va do egbee,


Abraham ƒe Mawu, Naxor ƒe Mawu kple wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la anye ʋɔnudrɔ̃la le mía kpli wò dome. Eye Yakob tsɔ amesi fofoa Isak vɔ̃na la, ka atam.


Ɖe menye tɔgbuinyewo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, si Isak hã vɔ̃na lae, nɔ anyi kplim o la, anye ne ado mɔm asi ƒuƒlui: gake Mawu kpo nye fukpekpe kple nye agbagbadzedze la, eyata wòtso afia nam etso ƒe zã, si va yi.


Ale miagblɔ na Yosef enye si: Meɖe kuku, tsɔ nɔviwòwo ƒe nuvɔ̃ kple woƒe vodada ke wo; elabena wowɔ vɔ ɖe ŋuwò. Eyata míeɖe kuku, tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena miawo hã míesubɔa fofowò ƒe Mawu la. Tete Yosef fa avi le nya sia ŋuti.


Elabena egblɔ bena: Ne Esau ava dze akpa ɖeka dzi, eye woade zi wo me la, ekema akpa ɖeka nasi adzo.


Nye enye Mawu, si ɖe eɖokui fia wò le Betel, afisi nèkɔ ami ɖe kpe dzi, eye nèɖe adzɔgbe nam le. Tso, naʋu le anyigba sia dzi àgatrɔ yi ɖe mia denyigba dzi!


Le ɣemaɣi me la Abimelex kple eƒe aʋafia Pixol wogblɔ na Abraham bena: Mawu li kpli wò le nusianu, si nèwɔna la me.


Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“


Eye wòkpɔ Yehowa le tsitre ɖe eŋgɔ gblɔ bena: Nye enye Yehowa, fofowò Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu: Anyigba, si dzi nèmlɔ la, màtsɔe ana mia kple wò dzidzimeviwo.


Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.


Tete Yakob dɔ woyi ɖayɔ Raxel kple Lea va eƒe lãha gbɔ le gbe me.


Ŋusẽ le asinye be, mawɔ vɔ̃ mi hafi, gake le etsɔ ƒe zã, si va yi me la, mia fofo ƒe Mawu la gblɔ nam bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒonu vɔ̃a ɖeke kple Yakob o.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite