Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 31:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye esi lãwo le asi yɔm la, meku drɔ̃e kpɔ bena, lãtsu, siwo me fli to, esiwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ sɔŋ, le lãnɔwo liam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 “Le lãawo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ be gbɔ̃tsu siwo katã nɔ asi yɔm la nye lã siwo me fli to kple esiwo nɔ ŋɔtaŋɔta la.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 31:10
11 Referans Kwoze  

Tete Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le drɔ̃eƒe le zã me le Gibeon, eye Mawu gblɔ nɛ bena: Bia nusi mana wò.


Milé nusiwo katã ŋuti mede se na mi le la me ɖe asi, eye miwo wo dzi; migatsɔ ɖeke kpee o, eye migaɖe ɖeke le edzi o.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Eye Mawu va Laban, Aramtɔ la gbɔ le zã me drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒo nu yɔa ɖeke kple Yakob o.


Eye ne lãwo lé ŋku ɖe atiawo ŋu hafi fɔ fu la, ekema wodzia vi, siwo me fũ to, kple esiwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ.


Eye wòku drɔ̃e kpɔ atsrɔea ɖe tɔ anyigba, eye eƒe nugbɔ de dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo le eflɔm le dzi yim gale ɖiɖim.


Tete Mawu gblɔ nɛ le drɔ̃eƒe bena: Nye hã menyae bena, wò dzime kɔ le ewɔwɔ me; eyata metso wò xɔ ɖo, be nagade asi eŋu ahawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o.


Ale Mawu xɔ lãha blibo le mia fofo si hetsɔ nam.


Eye mawudɔla gblɔ nam le drɔ̃e me bena: Yakob! Meɖo ŋu bena: Nye enye si!


Eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, lãtsu, siwo me fli to, esiwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ la, le lãnɔawo liam. Elabena mekpɔ nusi Laban wɔ ɖe ŋuwò la.


Gbe ɖeka Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo; tso ekema dzi la wogale fui ɖe dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite