Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 30:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Raxel gblɔ bena: Meʋli heƒo koko na Mawu le nɔvinye ta, meɖu dzi Eyata wòna ŋkɔe bena Naftali.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Rahel na ŋkɔe be Naftali si gɔmee nye “Hoʋiʋli,” elabena egblɔ be, “Mele ho ʋlim sesĩe kple nɔvinye, eye mele dzi ɖum!”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 30:8
12 Referans Kwoze  

Eye esi woʋu le Nazaret la, eva nɔ Kapernaum, si le ƒua nu le Zebulon kple Naftali-nutowo me,


Naftali enye zinɔ, si ʋlãna, eye wògblɔa nu me vivi nyawo.


Eye ŋɔdzi ɖo asaɖa la kple gbeadzi kpakple aʋakɔ blibo la; dzidzi ƒo dzɔlawo kple afunyilawo, eye anyigba ʋuʋu, elabe ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.


Eye wògblɔ le Naftali ŋu bena: Nu nyuiwo asɔ gbɔ ɖe Naftali si, Yehowa ƒe yayra anɔ edzi fũ, eye axɔ ɣetoɖoƒe kple dziehenyigba wòanye etɔ.


Miɖaɖe kuku na Yehowa, bena wòana dziɖegbe kple kpetsi la nu natso; ekema maɖe asi le mia ŋu, eye miaganɔ afisia o.


Naftali viŋutsuwo nye: Yaxzeel, Guni, Yezer kple Silem.


Raxel ƒe kosi Bilha ƒe viŋutsuwo nye Dan kple Naftali.


Amegã, se mía gbe! Mawu ƒe ame ɖoɖoa nenye le mia dome; ɖi wò ame kuku la ɖe míaƒe ame veviwo ɖiƒe. Mía dometɔa ɖeke magbe bena, megaɖi wò ame kukua ɖe eƒe ameɖiƒe o.


Eyome la Raxel ƒe kosi Bilha gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob.


Ke esi Lea kpɔ bena, yemegale vi dzim o la, etsɔ eƒe kosi Silpa na Yakob wòɖe.


Eye Naftali-to la nakpe ɖe wo ŋu. Naftali-viwo ƒe amegã nye Axira, Enan vi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite