Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 30:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eye ŋutsu la ƒe kesinɔnuwo le dzidzim ɖe dzi ŋutɔ, eye wòkpɔ alẽwo kple gbɔwò, kosiviwo kple kluviwo, kposɔwo kple tedzi geɖewo?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

43 Esia ta Yakob ƒe alẽwo dzi ɖe edzi kabakaba, eye wòzu hotsuitɔ gã aɖe. Subɔlawo, kposɔwo kple tedziwo sɔ gbɔ ɖe esi fũu.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 30:43
18 Referans Kwoze  

Nusi le asiwò hafi meva la, ele sue ko; ke azɔ la edzi ɖe dzi ŋutɔ, eye afisiafi, si meto la, Yehowa yraa wò; ke ɣekaɣi gɔ̃e nye hã mawɔ dɔ na ɖokuinye?


Yehowa yra nye aƒetɔ wòkpɔ nu ŋutɔ, eye wòna alẽwo kple nyiwo, klosalo kple sika, kluviwo kple kosiviwo, kpo-sɔwo kple tedziwoe.


Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ.


Meƒle kluvliwo kple kosiviwo, eye esiwo wodzi le aƒe me hã nɔ asinye. Nyihawo kple alẽhawo nɔ asinye taŋ wu amesiwo katã nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam.


Xa nye nusi wotsɔ vɛ na wò la dzro, elabena Yehowa yram, mekpɔ nu geɖe! Eye wótèe ɖe ŋu, vaseɖe esime wòxɔe.


Eye Yakob gblɔ bena. Wò, fofonye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu, Yehowa, wò amesi gblɔ nam bena: Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyuie na wò la,


Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.


Eye wòwɔ Abram nyuie le eta, eye wotso alẽwo, nyiwo, tedzitsuwo, kluviwo, kosiwo, tedzinɔwo kple kposɔwo nɛ.


Womatsɔ nake atso gbe me vɛ o, eye womafɔe le avewo me hã o, ke boŋ aʋawɔnuwo woatso ado dzoe; woada adzo amesiwo da adzo wo, eye woaha wo halawo, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ɖe menye tɔgbuinyewo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, si Isak hã vɔ̃na lae, nɔ anyi kplim o la, anye ne ado mɔm asi ƒuƒlui: gake Mawu kpo nye fukpekpe kple nye agbagbadzedze la, eyata wòtso afia nam etso ƒe zã, si va yi.


Elabena woƒe kesinɔnuwo so gbɔ akpa, ale bena womate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ o; eye anyigba, si dzi wonye amedzro le la, mede wo nu o, le woƒe lãhawo ta.


Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòaɖe asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha;


Ke nenye lã beliwoe la, metsɔnɛ ɖoa woƒe ŋku me o; eyata lã beliawo zua Laban tɔ, ke sesẽawo zua Yakob tɔ.


Ke esi Laban viŋutsuwo gblɔ bena: Yakob da dzo mía fofo ƒe nuwo katã, eye nusiwo nye mía fofo tɔ la, woawoe wòxɔ wɔ eƒe kesinɔnu siawo katãe.


Eye wògblɔ na wo bena: Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: Wò dɔla Yakob be, míagblɔ na wò bena: Menɔ Laban gbɔ, eye metsi anyi ʋuu vaseɖe fifi.


Eye wòtsi afima dɔ. Eye wòtsɔ nusiwo le esi la ƒe akpa ɖeka ɖo ɖe nɔvia Esau:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite