Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 30:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eɖo ŋu nɛ bena: Alo mesɔ gbɔ be, nèxɔ srɔ̃nye le asinye oa? Azɔ nèle didim be, nagaxɔ vinye ƒe agbitsa hãa? Tete Raxel gblɔ bena: Ekema nedɔ gbɔwò egbe zã ɖe viwò ƒe agbitsa la nu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?” Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 30:15
7 Referans Kwoze  

Mesɔ gbɔ na wò be, nekplɔ mí tso anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, be nava wu le gbedzi oa? Azɔ nele amegã hã ɖu ge ɖe mía dzia?


Ke nye la nu via ɖe ŋutɔ ko wònye nam, ne woadrɔ̃ ʋɔnum le miawo alo amea ɖe ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe dzi; evo la nyemedrɔ̃ ʋɔnu nye ŋutɔ ɖokuinye hã o.


Ɣeyiɣi kpuia ɖe ko mèzɔ woƒe mowo dzi o, eye mewɔ nu ɖe woƒe ŋunyɔnuwo nu o; tete nèwɔ nu le wò mowo katã dzi wòvloe wu wo to.


Eye wògblɔ bena: Dawid ƒe aƒe la, misee: Nu tsɛ wònye na mi be, miana nu nati ko na amegbetɔ, hafi miehe, yewoana nu nati ko na nye Mawua ke hã?


Le luŋeɣi la Ruben yi agble me, eye wòkpɔ agbitsa tsɔ vɛ na dada Lea. Tete Raxel gblɔ na Lea bena: Meɖe kuku, na viwò ƒe agbitsa la ɖem!


Esi Yakob gbɔ tso gbe me le fiẽ la, Lea yi ɖakpee gblɔ bena: Gbɔnyee nava, elabena mexe fe ɖe tawo kple vinye ƒe agbitsa! Eye wòdɔ egbɔ le zã ma me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite