Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 30:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke esi Raxel kpɔ bena, yemedzi via ɖeke na Yakob o la, Raxel ʋã ŋu nɔvianyɔnu la, eye wògblɔ na Yakob bena: Na madzi vi; ne menye nenem o la, maku!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esi Rahel kpɔ be yemele vi dzim o la, eʋã ŋu nɔvia nyɔnu. Egblɔ na Yakob be, “Na madzi vi, ne menye nenema o la, maku.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 30:1
26 Referans Kwoze  

Ke boŋ dziku wua bometsila, eye abunetɔ kuna ɖe ŋuʋaʋã me.


Ke esi Yehowa kpɔ bena, womelɔ̃a Lea ƒe nya o la, enu eƒe vidzidɔ, eye wòxe Raxel tɔ.


Tso esia dzi la nɔviawo ʋã ŋui; ke fofoa dzra nya la ɖo.


Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve.


Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã?


Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o.


elabena míeganye ŋutilãmemewo. Elabena ŋkeke alesi ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ kple mamã le mia dome la, menye ŋutilãmemewo míenye, eye miezɔna le ŋutilã la nu o ɖe?


Dzi nyodɔme enye agbe le lã me; ke ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.


Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.


dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.


Elabena eƒe nusrɔ̃viwo yi ɖe dua me, be woaƒle nuɖuɖu.


egblẽ Yudea ɖi, eye wògadzo heyina Galilea.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Eye woʋã ŋu Mose le asaɖa me kple Yehowa ƒe ame kɔkɔe Aron.


Ameka ate ŋu akpe kplim? Eya ko hafi mazi ɖoɖoe, eye maku.


Nukaŋuti nyemeku ɖe ɖanye ƒe dɔ me oa? Eye esi medo tso dɔ me la, nukaŋuti nyemetso me o?


Eye wòzɔ ŋkeke ɖeka ƒe azɔli yi gbedzi heva bɔbɔ nɔ dzoŋgbalẽtia ɖe te, eye wòdi ku be, yeaku gblɔ bena: Esɔ gbɔ! Azɔ, Yehowa, xɔ nye luʋɔ, elabena nyemenye wu fofonyewo o.


Ke Mose ɖo ŋu nɛ bena: Wòe le ŋu ʋã ge ɖe nunyea? Oo, Yehowa mana eƒe gbagba nava dukɔ blibo la dzi, eye wòatrɔ zu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzro oa?


Nenye alea nèle wɔ ye gee la, ekema wum zi ɖeka boŋ, nenye be, eve nunye; bena magakpɔ nye dzɔgbevɔ̃e teƒe o.


Tsiẽƒe, nyɔnu ƒe dɔ tsiko, kple anyigba, si tsi meɖia kɔ na o, kpakple dzo, si megblɔna be: esɔ gbɔ gbɔ o.


Eye wòle nu xam vevie, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa hele avi fam hehehe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite