9 Tete Yehowa Mawu yɔ amea gblɔ nɛ bena: Afika nèle?
9 Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?”
Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Afika noviwò Habel le? Eye wòɖo ŋu nɛ be: Nyemenyae o! Alo nɔvinye dzikpɔla menyea?
Eye wògblɔ nɛ bena; Hagar, Sarai ƒe kosi, afika nètso, eye afika néyina? Eɖo ŋu bena: Ɖe mesi le nye aƒenɔ Sarai gbɔ.
Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa.
Eye wògblɔ nɛ bena: Afika srɔ̃wò Sara le? Eɖo ŋu bena: Ele agbadɔ me.
Ke eya va tsi tre ɖe eƒe aƒetɔ gbɔ. Tete Elisa biae bena: Afika netso, Gexazi? Eɖo ŋu bena: Wò dɔla medo de afi alo afime o!