Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye esi wose Yehowa Mawu ŋkɔ le anyinufaɣi le abɔa me la, amea kple srɔ̃a woɣla wo ɖokui ɖe Yehowa Mawu ɖe abɔmetia ɖe te.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:8
20 Referans Kwoze  

Yehowa be: Ɖe ame aɣla ɖe ɣaɣlɛƒe, eye magbe ekpɔkpɔa? Yehowa be: Ɖe menye nyee yɔ dziƒo kple anyigba dzi taŋ oa?


Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom, alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã,


Eɖo ŋu nɛ bena: Mese ŋkɔwò le abɔa me, eye meva; elabena mele amama, eye meɣla ɖokuinye.


Ke Yona tso, be yeasi le Yehowa ŋku me ayi Tarsis. Eye esi wòva Yafo, eye wòkpɔ ʋua ɖe, si le Tarsis yi ge la, exe fe, eye wòɖoe, be yeasi atso Yehowa ŋku me ayi Tarsis kpli wo.


Ɖe metsyɔ nu nye dzidadawo dzi abe amegbetɔ ene, eye meɣla nye fɔɖiɖi ɖe akɔnua?


Eye Yehowa ɖo ŋu na Hiob le dziya me gblɔ bena:


Eye nakpa ati gbabɛ akpe ɖe wò aʋawɔnuwo ŋu, eye ne èle afɔdzi de ge la, natsɔe aɖe ɖoe, emegbe natsɔe axe ke ɖe edzi.


Eye Yehowa se nya, siwo miegblɔ nam la, eye Yehowa gblɔ nam bena: Mese nya, siwo katã dukɔ sia gblɔ na wò la, wogblɔ wo katã ɖe eteƒe.


Ɖe dukɔa ɖe se Mawu ƒe gbe tso dzo me, abe alesi nèsee ene, hetsi agbe kpɔa?


Alilikpowo xe eŋku me, ale be mele nu kpɔm o, eye wòle tsatsam le dziƒo ƒe goawo dzi.


Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me;


Ke esi Yehowa wu nuƒoƒo kple Abraham nu la, edzo; eye Abraham hã trɔ yi aƒe.


Mazɔ mia dome, eye manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye dukɔ.


Woatsrɔ̃ nuxeƒe, siwo Israel tsa wɔ nuvɔ̃e la ɖa le Awen, ŋuwo kple aŋɔkawo alo ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi, eye woagblɔ na towo bena; Mitsyɔ mía dzi! eye na togbɛwo be: Mimũ dze mía dzi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite