Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye da la gblɔ na nyɔnua bena: Miele kuku ge akpɔ o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Da la gblɔ be, “Miele kuku ge akpɔ o!

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:4
13 Referans Kwoze  

Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Eye womeble Adam o, ke nyɔnu lae woble, eye wòge ɖe vodada me.


bena Satana nagaba mi o, elabena mienya eƒe tameɖoɖowo keŋkeŋ.


Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui.


Egblɔna le eƒe dzi me be: Mawu ƒe ŋku dzo le edzi, eɣla eƒe mo, eye mele ekpɔ ge akpɔ gbeɖegbeɖe o.


Elisa ɖo ŋu bena: Yi ɖagblɔ ne bena: Àhaya! Gake Yehowa ɖee fiãm bena, ele kuku ge.


Eye wògblɔ ne bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Mawua ɖeke mele Israel, ne woabia gbee ase o ta, nèdɔ ame, be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? Eyata aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku.


Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsua ɖe va kpe mí, eye wògblɔ na mí bena: Mitrɔ gbugbɔ yi fia, si dɔ mi ɖa la gbɔ, eye migblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Mawua ɖeke mele Israel o ta, nèdɔ ame ɖo ɖa, be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? Eyata aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku. Tete Eliya yi.


Yehowa matsɔe akee o, ke boŋ Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ame ma ŋu, eye wòaʋã ŋui; fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la, ava edzi, eye Yehowa atsrɔ̃ eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.


ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o!


Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã, ƒe nu me. Eye wògblɔ bena: Ate ŋu aflui vavã. Heyi ɖawɔ alea!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite