Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:23
10 Referans Kwoze  

Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela.


Ne eŋlɔ anyigba la, megale nu ʋẽ ge na wò o; tsatsala kple godzela nanye le anyigba dzi!


Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo na o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖea ɖeke metso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.


Ke gbemetia ɖeke mele anyigba dzi haɖe o, eye nu miemiea ɖeke medo ɖe gbe me haɖe o; elabena Yehowa Mawu mena tsi dza ɖe anyigba dzi haɖe o, eye ame meli ade anyigba la o.


Eye Noa de asi agbledede me, eye wòde weingblea ɖe.


Eye Yehowa Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ. Ke be wòagaɖo asi ɖa agbe agbetia hã ƒe ɖe aɖu, eye wòanɔ agbe ɖoɖoɖo o la,


Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.


Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.


Tete Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wotsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite