Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:19
33 Referans Kwoze  

hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.


ekema ŋutilãwo katã nu ayi, eye amegbetɔ agazu ke.


Ne èɣla wò ŋku me la, woluluna; ne èɖe woƒe gbɔgbɔ ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me.


Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.


Wòe nana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna bena: Mitrɔ gbɔ, mi amegbetɔviwo!


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.


Abraham xɔ dzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye amesi nye anyi kple afi ko la, meɖo dzi be, maƒo nu kpli wò, Aƒetɔ!


Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.


Viɖe ka emegbelɔ kpɔna tsoe eƒe agbagba, siwo katã wòdzena le ɣea te la mea?


Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, nye ƒuwo katã dudu; nye dzi zu abe anyigba ene helólo ɖe dɔ me nam.


Amedzro menye le mia dome, mina ameɖiƒem, bena matsɔ nye ame kuku la aɖi ɖe afima!


Elabena esime mienɔ mia gbɔ hã la, míede se na mi bena, ne amea ɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã a.


Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, akewɔ míenye.


Elabena, nɔviwo, mieɖo ŋku míaƒe agbagbadzedze kple kutrikuku dzi: Zã kple keli miewɔ dɔ, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o, eye ale míegblɔ Mawu ƒe nya la fia mi.


Esia hã vɔ̃ gã wònye be, alesi wònɔ va la, nenema ke wòaganɔ ayi, eye viɖe kawòkpɔ, be wòdze agbagba ɖe ya me?


Meɖo nye ta me anyi, be matsɔ nunya adzro nusiwo kalã dzɔna le dziƒoa te la me akpa, eye makpɔ wo ta ɖa. Agbagbadzedze vɔ̃e wònye Mawu tsa na amegbetɔviwo, ne woatsɔ ana kutri kumi.


Amesi tra tso gɔmesese ƒe mɔ dzi la, agbɔ ɖe eme le ŋɔliwo ƒe takpeƒe.


Elabena Yehowa tɔ enye fiaɖuƒe la, eye wòle fia ɖum ɖe dukɔwo dzi.


Wo kple eve la womlɔ wo nɔewo gbɔ le ke me, eye nyẽwo ɖi ba ɖe wo dzi.


Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu.


gblɔ bena: Amama mele tso ɖanye ƒe ɖɔ me, eye ama ma manɔ agayi Yehowae na, Yehowae gaxɔe, woakafu Yehowa ŋkɔ!


Ame gbãtɔ, si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye Aƒetɔ si tso dziƒo la.


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


Ŋu kple aŋɔka amie na wò, eye naɖu anyigba dzi amagbewo!


ʋuu kekeke wòahayi anyixɔ me nɔlawo nye ge, amesiwo dzɔ tso anyi me, eye wolilia afɔ wo dzi abe agbagblaʋuiwo ene.


Amegbetɔ dona yia eƒe nuwɔƒe kple eƒe dɔwɔwɔ dzi vasena ɖe fiẽ.


Dzodzroe míefɔa fɔŋli, eye míelalana ʋuu kekeke hafi bɔbɔ nɔa anyi, be miaɖu míaƒe hiãbolo; alea kee wònaa nu eƒe eme vevi la le alɔ̃ mee.


Eye Adam ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaetɔ̃, eye woku.


Ɖo ŋui be, tsue nètsɔ wɔm, eye ɖe nèbe, magatrɔ zu anyia?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite