Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye Yehowa Mawu gblɔ na da la bena: Esi nèwɔ alea la, eyata woaƒo fi ade wò le aƒemelãwo kple gbemelãwo katã dome: Wò ƒodo dzi nazɔ, eye ʋuʋudedie naɖu le wò agbe me ŋkekewo katã me!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la, “Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelã kple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome! Wò ƒodo dzi nàzɔ eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu le wò agbemeŋkekewo katã me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:14
10 Referans Kwoze  

Woaɖuɖɔ kewɔ abe dawo kple anyigba dzi nutatawo ene, eye woadzo nyanyanya aɖo atso woƒe mɔ̃wome; dzidzi aƒo wo woava Yehowa, mía Mawu la gbɔ, eye woavɔ̃ wò.


Amegãxi kple alẽvi woaɖu gbe le wo nɔewo gbɔ, dzata aɖu gbe abe nyi ene, eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, Yehowa ye gblɔe!


Gbegbe nɔlawo adze klo ɖe eŋku me, eye eƒe futɔwo atu mo ke me.


Aƒo nu tso anyigba tu me ke, eye wò nuƒoƒo aɖi tso ke me; wò gbe anɔ abe ŋɔli to ene tso anyigba me, eye wò nuƒoƒo aɖi huhuhu tso ke me.


Eyata miɖe vovo lã, siwo ŋu kɔ, kple esiwo ŋu mekɔ o, xe, siwo ŋu mekɔ o, kple esiwo ŋu kɔ la dome, eye migawɔ lãwo kple xewo kpakple anyigba dzi nu gbagbewo, siwo megblɔ be, wo ŋu mekɔ o la, ŋu dɔ ahado ŋunyɔ mia ɖokui o.


Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.


Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã?


Azã la woaƒo fi ade wò, adzo le anyigba, si ke eƒe nu xɔ nɔviwò ƒe ʋu le asiwò no la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite