Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:13
15 Referans Kwoze  

Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


Eye womeble Adam o, ke nyɔnu lae woble, eye wòge ɖe vodada me.


Pilato ɖo ŋu bena: Nye la Yudatɔ menye mahã? Wò ŋutɔ wò dukɔ la kple nunɔlagãwoe tsɔ wò de asi nam, nuka newɔa?


Tete Yoab va fia la gbɔ gblɔ bena: Nuka nye esi nèwu? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò; nukaŋuti nèɖoe ɖa wodzo?


Yosef gblɔ na wo bena: Nuka enye si miewɔ? Ɖe mienyae bena, amegã menye, eye mekaa nu o mahã?


Ke Samuel gblɔ bena: Nuka nèwɔ? Saul ɖo ŋu bena: Esi mekpɔ be, dukɔ la kaka le ŋunye, wò hã mèva le ɣeyiɣi la dzi o, eye Filistitɔwo va kpe ta ɖe Mixmas la,


Elabena esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eblem, eye wòtso eya ke hewum.


Saul ɖo ŋu bena: Amalekitɔwo gbɔ wokplɔ wo tsoe, elabena dukɔ la kpo alé kple nyi nyuiwo ta, be woatsɔ asa vo na Yehowa, wò Mawu la, ke mietsrɔ̃ kpɔtɔeawo gbidigbidi.


Eye Farao yɔ Abram ve gblɔ ne bena; Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye; nukaŋuti megblɔe nam bena, ye srɔ̃e wònye o mahã?


Ke ne edzi nyɔnuvi la, ekema eŋu mekɔ o kwasiɖa eve, abe alesi wòkpɔa dzinui ene; emegbe wòatsi xɔ me ŋkeke blaade vo ade le ʋu, si le eŋu la ta.


Eɖo ŋu nɛ bena: Nye hã nyagblɔɖila menye abe wò ke ene, eye mawudɔla ƒo nu kplim le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Yi ɖagbugbɔe, eye mia kplii miayi aƒewò me, ne wòaɖu abolo, eye wòano tsi! Ke alakpae wòda nɛ.


Tete ŋutsuawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Nukae nèhewɔ ma? Elabena wonyae be, Yehowa nu wòsi le; elabena etoe na wo tsã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite