Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ame la ɖo ŋu bena: Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:12
13 Referans Kwoze  

Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Ɖe metsyɔ nu nye dzidadawo dzi abe amegbetɔ ene, eye meɣla nye fɔɖiɖi ɖe akɔnua?


Ke eya la, esi wòle didim be, yeatso afia na eɖokui la, egblɔ na Yesu bena; Amekae nye hanyevi mahã?


Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu.


Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.


Tete Yehowa Mawu tsɔ agbaƒuti, si wòɖe le amea me la, wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va ame la gbɔe.


Eye ame la tsɔ ŋkɔ na aƒemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo kpakple gbemelãwo katã; ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ nɛ o.


Egblɔ be: Ameka toe na wò be, amamae nèle? Alo ɖe nèɖu ati, si ŋuti meɖe se na wò be, megaɖu eƒe ɖeke o la ƒe ɖe mahã?


Saul ɖo ŋu bena: Amalekitɔwo gbɔ wokplɔ wo tsoe, elabena dukɔ la kpo alé kple nyi nyuiwo ta, be woatsɔ asa vo na Yehowa, wò Mawu la, ke mietsrɔ̃ kpɔtɔeawo gbidigbidi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite