Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 3:1
14 Referans Kwoze  

Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.


Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.


Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka.


Eye tela te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be, wòatro zu abolo.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


eye wògblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema dzo naɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dolawo le ŋutiwò, eye woaxɔ wò ɖe asiwò me, be nagatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.“


Ɣemaɣi la Yehowa atsɔ eƒe yi kpekpe gã sesẽ la ahe to na ʋɔ driba, si nye ɖa, si le sisim, kple ʋɔ driba, si nye da xatsaxatsa la, eye woawu boso le atsiaƒu me.


Elabena ne wo ɖometɔ ɖka dze anyi la, nana ame de tsitre; ke haha na amesi tsi akogo, elabena ne edze anyi la, evelia meli afɔe de tsitre o.


eye wògblɔ nɛ bena: Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo ɖe la agu nam.


Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene míagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.


Eye da la tu tsi tso eƒe nu me ɖe nyɔnua yome abe tɔsisi ene, bene tɔsisi la nalée ayii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite