Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 29:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wòkpɔ vudoa de le gbea dzi, eye alẽha etɔ̃ wotsyɔ akɔ anyi ɖe afima; elabena vudo sia me wokua tsi lena na alẽhawo wonona, eye kpe gãa ɖe le vudo la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ekpɔ alẽha etɔ̃ wotsyɔ akɔ anyi ɖe gbe dzi le vudo aɖe to, nɔ lalam be woana tsi yewo yewoano. Ke wotsɔ kpe gã aɖe tu vudoa nu.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 29:2
12 Referans Kwoze  

eye Yakob ƒe vudo le afima. Eye esi mɔzɔzɔ te ɖeɖi Yesu ŋu la, ebɔbɔ na anyi nenema ke ɖe vudo la to, anɔ gaƒoƒo adelia me.


Dɔ kple tsikɔ mawu wo o, eye ŋdɔ kple ɣe maɖu wo o, elabena wo nuvela le wo kplɔm, eye woakplɔ wo ato tsidzidziwo ŋu.


elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.


ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.


Lãnyiƒe damawo wona metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii.


Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to, eye ne dua me nyɔnuviwo va tsi du ge,


Le fiẽ, le nyɔnuwo ƒe tɔmedeɣi la, ena kposɔawo tsyɔ akɔ anyi ɖe dua xa le ʋudoa ɖe to.


Tete dɔla la ɖe kposɔ ewo tso eƒe aƒetɔ ƒe kposɔwo dome, eye wotsɔ eƒe aƒetɔ ƒe nu vevi vovovowo ɖe asi, eye wòdze mɔ heyi Mesopotamia, ɖe Naxor ƒe ɖu la me.


Eye ne alẽhawo katã va ƒo ƒu ɖe afima la, ekema womlia kpe la le vudoa nu, eye wonaa tsi alẽawo; emegbe wogamlia kpe la tua vudoa nu ɖe eteƒe.


Esi aŋutrɔdalawo tso aseye le lãtoawo gbɔ la, wokafu Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo kple Israel ƒe aʋafiawo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo le afima Emegbe Yehowa ƒe dukɔ la gbugbɔ yi duwo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite