Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 29:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Nyɔnuvi eve le Laban si, xoxoetɔ ŋkɔ nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔ nye Raxel.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Vinyɔnu eve nɔ Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Rahel.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 29:16
10 Referans Kwoze  

Tete duametɔ, siwo katã le agboa nu kple ame tsitsiawo gblɔ bena: Míawoe nye ɖasefo! Yehowa nawɔ na nyɔnu, si le aƒewò me va ge la, abe Raxel kple Lea, nyɔnu, siwo kple eve ɖo Israel ƒe aƒe la tè dzi la ene! Wò alɔ nede dzi le Efrata, eye wò ŋkɔ nenyɔ le Betlexem!


Afima woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo, afima wodi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye afima meɖi Lea hã ɖo,


Esiawo nye Lea ƒe viŋutsu, siwo wòdzi na Yakob le Mesopotamia hekpe ɖe vianyɔnu Dina ŋu: viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã le ame blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.


Eye viŋutsu wuieve le Yakob si. Lea viŋutsuwo nye Ruben, Yakob ƒe ŋgɔgbevi, eyome Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar kple Zebulon.


Tete Yakob dɔ woyi ɖayɔ Raxel kple Lea va eƒe lãha gbɔ le gbe me.


Eyome Lea gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi adelia na Yakob.


Lea ƒe ŋkuwo dzi wɔ dɔ; ke Raxel ya nyo, eye wòdze tugbe.


Eye wòtsɔ kosi eveawo kple wo viwo ɖo ŋgɔ, eyome Lea kple viawo, emegbe Raxel kple Yosef.


Laban gblɔ na Yakob bena: Nɔvinye nènye! Ɖe nawɔ ɖɔ nam dzodzroa? Gblɔe nam, nuka lanye wò fetu?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite