Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 29:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Esi Laban se nya siawo le nɔvianyɔnu ƒe vi Yakob ŋuti la, eƒu ɖu yi ɖakpee, eye wòkpla asi kɔ nɛ heɖuɖɔ nu nɛ, eye wòkplɔe va eƒe me. Eye wòxlẽ nya, siwo katã va dzɔ la, na Laban.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Esi Laban se nya sia tso Yakob, nɔvia nyɔnu ƒe viŋutsu ŋu la, eɖe abla yi ɖakpee. Ekpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, kplɔe yi aƒe me, eye Yakob gblɔ nyawo katã nɛ le afi ma.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 29:13
12 Referans Kwoze  

Ke nɔviŋutsu le Rebeka si, eŋkɔ nye Laban. Esi wòkpɔ ŋɔ tigɛ kple alɔnugɛ le nɔvia ŋu eye wose Rebeka ƒe nya bena ale kple ale ŋutsua gblɔ nam enye si la,


Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã. Kristo ƒe hamewo katã ɖuɖɔ mi ƒã.


Eye wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe ko dzi, eye wogbugbɔ nu ne


Mèɖuɖɔ nu nam o; ke eya la tso esime wòva eme la, medzudzɔ nye afɔwo gbugbɔgbugbɔ o.


Fia la gblɔ be: Kimham neyi kplim, eye mawo nusi nyo ŋuwò la nɛ, eye nusianu, si nèdi tso asinye la, mawɔe na wò.


Tete Mose yi ɖakpe toa, eye wòde ta agu, eye wòɖuɖɔ nu nɛ; emegbe wòbia wo nɔewo ƒe dɔdɔ ta se, eye woyi agbadɔ la me.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Yi ɖakpe Mose le gbea dzi! Tete wòyi ɖakpee le Mawu ƒe to la gbɔ, eye wògbugbɔ nu nɛ.


Eyome la eɖuɖɔ nu na nɔviawo katã, eye wòfa avi ɖe woƒe kɔ dzi, emegbe la nɔviawo ƒo nu kplii.


Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


Tete wògblɔ bena: Va, wò amesi Yehowa yra! Nukaŋuti nètsi dugbɔ dzi? Medzra xɔ me ɖo, eye teƒe hã li na kposɔwo.


Tete Esau ƒu du va kpee, kpla asi kɔ nɛ, eye wòɖuɖɔ nu nɛ, eye wòde asi avifafa me.


Eye esi wòkplɔ ŋutsua va aƒe me la, eɖe akpa na kposɔawo, eye wòtsɔ aƒla kple gbe ve na kposɔawo; emegbe la eku tsi vɛ na ŋutsua kple amesiwo katã kpe ɖe eŋuti la, bena woaklɔ woƒe afɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite