Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 28:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete Isak do mɔ Yakob, eye wòyi ɖe Aramtɔ Betuel vi Laban, amesi enye Yakob kple Esau dada Rebeka nɔvi la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ale Isak na Yakob yi Padan Aram be wòakpɔ nyruia Laban, ame si nye Betuel Arameatɔ la ƒe viŋutsu eye wòganye Yakob kple Esau dadaa Rebeka nɔviŋutsu la ɖa.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 28:5
12 Referans Kwoze  

Isak xɔ ƒe blane, esime wòɖe Rebeka, si nye Aramtɔ Betuel tso Mesopotamia ƒe vi kple Aramtɔ Laban ƒe nɔvinyɔnu.


Eyata vinye, ɖo to nye gbe! Tso, eye nasi ayi ɖe nɔvinye Laban gbɔ le Xaran!


Eye Yakob gblɔ na Raxel bena, fofoa nɔvi yenye, eye Rebeka vi yenye; tete wòƒu ɖu yi ɖagblɔe na fofoa.


Esi Gilead wɔ nu vɔ̃ɖi la, eyata woatsrɔ̃ wo; esi wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilgal la, eyata woatsɔ woƒe vɔsamlekpuiwo ali kae ɖe boliƒo dzi le agble me abe kpewo ene.


Eye Betuel dzi Rebeka. Ame enyi siawo Milka dzi na Naxor, Abraham nɔvi.


Esia megbe la eya kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu la, woɖu nu, eye wono nu, eye wotsi dɔ. Ke esi wofɔ ŋdi la, egblɔ bena: Mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ!


Yi Mesopotamia ɖe dawo fofo Betuel ƒe me, eye naɖe dawo nɔvi Laban ƒe vinyɔnua ɖe!


Tete Yakob dze mɔ, eye wòyi ɖe ɣetoɖoƒetɔwo ƒe anyigba dzi


Eye Mawu va Laban, Aramtɔ la gbɔ le zã me drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒo nu yɔa ɖeke kple Yakob o.


Eye Yakob va fofoa Isak gbɔ le Mamre le Kiryat-Arba, esia nye Xebron, afisi Abraham kple Isak wonye amedzrowo le.


Eye nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me bena: Fofonye enye Aramtɔa ɖe, si de tsɔtsrɔ ge, eye wòʋu va Egipte; ame ʋeea ɖewo ko wonye henye amedzrowo le afima, ke wodzi ɖe dzi, eye wotrɔ zu dukɔ gã sẽŋua ɖe.


Aram tsa asi kpli wò le wò aɖaŋudɔ gbogboawo ta; etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, soe kple gbloti ƒle wò adzɔnuwoe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite