Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 28:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye woatsɔ Abraham ƒe yayra ana mia kple wò dzidzimeviwo, bena nanyi anyigba, si Mawu tsɔ na Abraham, si dzi nènye amedzro le la dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Mawu nana yayra gã siwo ŋugbe wòdo na Abraham la nava wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Anyigba si dzi míele fifia abe amedzrowo ene la nazu tɔwò, elabena Mawu tsɔe na Abraham.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 28:4
20 Referans Kwoze  

bene Abraham ƒe yayra la nava trɔ̃subɔlawo dzi le Kristo Yesu me, bene miaxa Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo la to xɔse me.


Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela.


Ke esi ŋɔŋlɔ la kpɔ ɖi bena, Mawu tso afia na trɔ̃subɔlawo tso xɔse me la, eyaŋuti wògblɔ nyanyuie la ɖi na Abraham bena: „Wò me woayra trɔ̃subɔlawo katã le.“


Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui.


Ke egblɔ nɛ bena: Aƒetɔ Yehowa, nuka me madze sii le bena, màtsɔe anyi domee mahã?


Tete Isak ɖi vo ŋutɔ gblɔ bena: Ameka gɔ̃ enye si tsɔ adelã vɛ nam, eye meɖu nuawo katã ƒe ɖe, hafi neva, eye meyrae mahã? Eya tɔ ko yayra la anye!


Ke Yakob nɔ anyigba, si dzi fofoa nye amedzro le la dzi, si enye Kanaan-nyigba la.


Mebia nu kpli wo be, matsɔ Kanaan-nyigba, si dzi wonye amedzrowo le la, ana wo wòanye wo tɔ.


Elabena amedzrowo míenye le ŋkuwò me, eye amegbɔmewo míenye abe mía fofowo katã ene; míaƒe ŋkeke le abe vɔvɔli ene le anyigba dzi, eye mɔkpɔkpɔ mele eŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite