Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 28:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yi Mesopotamia ɖe dawo fofo Betuel ƒe me, eye naɖe dawo nɔvi Laban ƒe vinyɔnua ɖe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 ke boŋ yi Padan Aram enumake, eye nàge ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒe me, eye nàɖe nɔviwò siwo nye nyruiwò, Laban vinyɔnuwo la dometɔ ɖeka.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 28:2
16 Referans Kwoze  

Isak xɔ ƒe blane, esime wòɖe Rebeka, si nye Aramtɔ Betuel tso Mesopotamia ƒe vi kple Aramtɔ Laban ƒe nɔvinyɔnu.


Esi Gilead wɔ nu vɔ̃ɖi la, eyata woatsrɔ̃ wo; esi wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilgal la, eyata woatsɔ woƒe vɔsamlekpuiwo ali kae ɖe boliƒo dzi le agble me abe kpewo ene.


Esiawo nye Lea ƒe viŋutsu, siwo wòdzi na Yakob le Mesopotamia hekpe ɖe vianyɔnu Dina ŋu: viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã le ame blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.


Eye Mawu gaɖe eɖokui fia Yakob, esime wògbɔ tso Mesopotamia, eye wòyrae.


Eye Yakob gblɔ bena. Wò, fofonye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu, Yehowa, wò amesi gblɔ nam bena: Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyuie na wò la,


Tete Isak do mɔ Yakob, eye wòyi ɖe Aramtɔ Betuel vi Laban, amesi enye Yakob kple Esau dada Rebeka nɔvi la gbɔ.


Tete Laban kple Betuel wogblɔ bena: Nya sia tso Yehowa gbɔ, eyata míate ŋu agblɔ nya vɔ̃ alo nya nyui ɖe eŋu o.


Ke nɔviŋutsu le Rebeka si, eŋkɔ nye Laban. Esi wòkpɔ ŋɔ tigɛ kple alɔnugɛ le nɔvia ŋu eye wose Rebeka ƒe nya bena ale kple ale ŋutsua gblɔ nam enye si la,


Tete dɔla la ɖe kposɔ ewo tso eƒe aƒetɔ ƒe kposɔwo dome, eye wotsɔ eƒe aƒetɔ ƒe nu vevi vovovowo ɖe asi, eye wòdze mɔ heyi Mesopotamia, ɖe Naxor ƒe ɖu la me.


Emegbe la ekplɔ eƒe lãwo katã, eye wotsɔ eƒe kesinɔnuwo katã, nusianu, si wòkpɔ le Mesopotamia la, eye wòdzo yina ɖe fofoa Isak gbɔ le Kanaan-nyigba dzi.


Tete Yakob dze mɔ, eye wòyi ɖe ɣetoɖoƒetɔwo ƒe anyigba dzi


Esi Yakob ʋu tso Mesopotamia la, eɖo Sixem, du, si le Kanaan-nyigba dzi la me dedie, eye wònɔ dua xa.


ke boŋ nayi mía denyigba dzi kple ƒonyemeawo gbɔ, eye naɖe srɔ̃ na vinye Isak!


Yakob si yi Aram-nyigba dzi; nyɔnu me Israel subɔ ɖo, eye nyɔnu tae wònyi lã ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite