Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 28:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe, si wòziɔ la, ɖo dzesikpee, eye wòkɔ ami ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Yakob fɔ ŋdi kanya, ɖi kpe si wòziɔ la abe ŋkuɖodzikpe ene, eye wòkɔ ami ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 28:18
16 Referans Kwoze  

Tete Yakob tu dzesikpe, si enye ŋkuɖodzikpea ɖe, ɖe afisi wòƒo nu kplii le la, eye wòkɔ aha ɖe edzi, emegbe la ekɔ ami hã ɖe edzi.


Tete Yakob tso kpea ɖe tu anyi, be wòanye dzesikpe.


Eye Yakob tu dzesikpe ɖe eƒe yɔdo dzi, esia nye ŋkuɖodzikpe le Raxel ƒe yɔdo dzi vaseɖe egbegbe.


Nye enye Mawu, si ɖe eɖokui fia wò le Betel, afisi nèkɔ ami ɖe kpe dzi, eye nèɖe adzɔgbe nam le. Tso, naʋu le anyigba sia dzi àgatrɔ yi ɖe mia denyigba dzi!


Ɣemaɣi la vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigba titina na Yehowa, eye dzesikpe anɔ eƒe liƒo dzi na Yehowa,


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋn, eye nyemalala o.


Ke esi Absalom le agbe la, eɖo kpea ɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsua ɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ vaseɖe egbe be Absalom ƒe ŋkuɖodzikpe.


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Esi Mose wu nɔƒe la tutu nu vɔ, eye wòsi ami ne kple eŋu nuawo katã hekɔ wo ŋu la, esi wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, eye wòkɔ wo ŋu la,


Tete Abraham tɔ ŋdi kanya, bia akpa na eƒe tedzi, eye wòkplɔ dɔla eve kple via Isak ɖe asi, eye esi wòdze nake ɖe numemea ŋu la, edze mɔ yi teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la.


Eye wòva ɖo teƒea ɖe hetsi afima dɔ, ela bena ɣe ɖo to xoxo. Tete wòmia anyi ɖe afima, eye wòtsɔ afima kpea ɖe heziɔ tae.


Ke Yosua tu kpe wuieve ɖe Yordan titina hã, ɖe afisi nunɔla, siwo tsɔ nubablaɖaka, ƒe afɔwo tsi tre ɖo, eye wotsi afima vaseɖe egbe.


Eye Abraham fɔ ŋdi kanya tso abolo, eye woku tsi ɖe lãgbalẽgolo me taŋ, eye wotsɔ ɖevi la kple nu mawo ɖo abɔta na Hagar hedo mɔ wo. Ke esi wole yiyim la, wova tra mɔ le Beer-Seba gbe dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite