Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 28:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wòyɔ gblɔ bena: Ŋɔdziƒe ka enye si! Afi sia menye afia ɖeke o, negbe Mawu ƒe aƒe kple dziƒogbo ko wonye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Egblɔ be, “Aleke gbegbe teƒe sia dzi ŋɔe! Teƒe sia menye teƒe bubu aɖeke wu Mawu ƒe aƒe o. Esiae nye dziƒogbo la.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 28:17
16 Referans Kwoze  

ke ne metsi anyi la, ne nanya alesi dze wò be, nazɔ le Mawu ƒe aƒe, si nye Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la me.


Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ, ne wòaƒo nu le Mawu ŋku me o; elabena Mawu le dziƒo, eye wòa nèle anyigba, eyata wò nyawo nenɔ ʋee.


Eyome egblɔ be: Nyee nye fofowò ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu. Tete Mose tsɔ nu tsyɔ mo, elabena ele Mawu kpɔkpɔ yɔm.


Eye Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe tsi tre ɖe wo gbɔ, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ.


eye nunɔlawo mete ŋu nɔ te, be woasusɔ o, le alilikpoawo ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu ƒe xɔ la.


Manoax gblɔ na srɔ̃a bena: Miele kuku ge, elabena miekpɔ Mawu!


Eye kpe sia, si meɖo dzesikpee la, anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.


Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Elabena azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me; ke ne wodze egɔme tso mía dzi la, ekema nuka lanye nuwuwu na amesiwo meɖo to Mawu ƒe nyanyuie la o mahã?


eye esi nunɔlagã, si le Mawu ƒe aƒe nu la, le mia si ŋuti la,


Eye wodo go, be woakpɔ nusi va ve me, eye esi wova Yesu gbɔ la, wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la, ta ava hele anyinɔƒe le Yesu ƒe afɔ nu, eye eƒe mo ko, eye wovɔ̃.


Eye esi nusrɔ̃lawo see la, wotsyɔ mo anyi, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me.


Ke esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe, si wòziɔ la, ɖo dzesikpee, eye wòkɔ ami ɖe edzi.


Eye wògblɔ bena: Megale va afisia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite