Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 27:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 Eye Rebeka gblɔ na Isak bena: Agbenɔnɔ tim le Xitivi-nyɔnuawo ta. Ne Yakob hã aɖe anyigba sia dzi tɔ, siwo nye Xitiviwo ƒe vinyɔnua ɖe la, ekema nukaŋuti megale agbe ɖo?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

46 Emegbe la, Rebeka gblɔ na Isak be, “Hiti ɖetugbiwo ƒe nya tim. Malɔ̃ be maku tsɔ wu be makpɔ Yakob wòaɖe wo dometɔ ɖeka.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 27:46
11 Referans Kwoze  

eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Esau dze sii bena, Kanaan-vinyɔnuawo medze fofoa Isak ŋu o.


Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa; naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe!


Etim azɔ, nyemebe, manɔ agbe tegbee o. Ɖe asi le ŋunye, elabena ƒuƒu enye nye ŋkekewo.


Eye wòzɔ ŋkeke ɖeka ƒe azɔli yi gbedzi heva bɔbɔ nɔ dzoŋgbalẽtia ɖe te, eye wòdi ku be, yeaku gblɔ bena: Esɔ gbɔ! Azɔ, Yehowa, xɔ nye luʋɔ, elabena nyemenye wu fofonyewo o.


Nenye alea nèle wɔ ye gee la, ekema wum zi ɖeka boŋ, nenye be, eve nunye; bena magakpɔ nye dzɔgbevɔ̃e teƒe o.


Eye Mawu gblɔ na Yona bena: Ɖe nèle dziku dom ɖe eteƒe le treklɔnu la taa? Eɖo ŋu bena: Tɔnye dzɔ be, mado dziku, vaseɖe esime maku.


Eyata Yehowa, xɔ nye agbe le asinye! Elabena enyo nam be, maku wu esi manɔ, agbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite