Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 27:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eyata vinye, ɖo to nye gbe! Tso, eye nasi ayi ɖe nɔvinye Laban gbɔ le Xaran!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

43 Rebeka yi edzi be, “Nu si nàwɔ fifia lae nye be nàsi ayi nyruiwò Laban gbɔ le Haran.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 27:43
14 Referans Kwoze  

Eyata vinye, se nye gbe, eye nawɔ nusi magblɔ na wò la!


Eye Tarax ʋu kple via Abram kple tɔgbuiyɔvia Lot, si nye Haran vi, hekpe ɖe Sarai, via Abram srɔ̃ ŋuti tso Ur le Kaldea, bene wòayi Kanaan-nyigba dzi Ke esi wova Xaran la, wònɔ afima.


Dadaa ɖo ŋu ne bena: Vinye, nye boŋ ŋue wò fiƒoɖe la laɖi; ɖo tom ko, eye nayi aɖalée vɛ!


Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.


Wowɔ Yonadab, Rexab vi ƒe se, si wòde na viawo be, womegano wein o la dzi, eye womenoe o vaseɖe egbe, elabena woɖo to wo fofo ƒe sedede. Nye la meƒo nu kpli mi ɖaa atraɖi, gake miegbe toɖoɖom.


Ŋku, si ɖea alɔme le fofoa ŋu, eye mebua dada ɖe naneke me o la, akpaviãwo ahoe le to me le tɔʋu to, eye hɔ̃viwo aɖui.


eye bena Yakob ɖo to fofoa kple dadaa, eye wòyi Mesopotamia la,


Ke nɔviŋutsu le Rebeka si, eŋkɔ nye Laban. Esi wòkpɔ ŋɔ tigɛ kple alɔnugɛ le nɔvia ŋu eye wose Rebeka ƒe nya bena ale kple ale ŋutsua gblɔ nam enye si la,


Ke Yakob dze mɔ tso Beer-Seba heyina Xaran.


Esi Rebeka se via xoxoetɔ Esau ƒe nyawo la, ena woyɔ via ɖevitɔ Yakob vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, nɔviwò Esau ɖo be, yeabia hlɔ̃ awu wò.


Tete Isak do mɔ Yakob, eye wòyi ɖe Aramtɔ Betuel vi Laban, amesi enye Yakob kple Esau dada Rebeka nɔvi la gbɔ.


Eye Mawu gblɔ na Yakob bena: Tso, naʋu ayi Betel, eye nanɔ afima, eye naɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖe eɖokui fia wò, esime nesi le nɔviwò Esau nu!


Isak xɔ ƒe blane, esime wòɖe Rebeka, si nye Aramtɔ Betuel tso Mesopotamia ƒe vi kple Aramtɔ Laban ƒe nɔvinyɔnu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite