Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 27:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Emegbe naɖa nu nyuia ɖe nam, abe alesi nyoa ŋunye ene, eye natsɔe vɛ nam, ne maɖu, be mayra wò hafi aku!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ne ègbɔ la, nàɖa nu nyui si tɔgbi melɔ̃a ɖuɖu la nam. Tsɔe vɛ nam maɖu, be mayra wò, vinye ŋutsuvi gbãtɔ hafi maku.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 27:4
23 Referans Kwoze  

Le xɔse me Isak yra Yakob kple Esau le nusiwo le vava ge la ŋuti.


Yosef ɖo ŋu na fofoa bena: Woawo nye vi, siwo Mawu nam le afisia! Eye wògblɔ bena: Kplɔ wo va gbɔnyee, ne mayra wo.


Esiawo nye Israel ƒe to wuieveawo; eye esiawo nye nya, siwo wo fofo gblɔ na wo. Eyra wo dometɔ ɖesiaɖe wo tɔ wo tɔe.


Eye wògblɔ bena: Tsɔe vɛ nam, ne maɖu vinye ƒe adelã la, eye mayra wò! Tete wòtsɔe ve nɛ woɖu, emegbe wotsɔ wein vɛ nɛ wònɔ.


Eye wòva ve me, esime wòle wo yram la, wotee ɖa le wo gbɔ, eye wokɔe yi dziƒo.


Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;


Tete Yosua yra wo heɖe asi le wo ŋu, eye wodze mo yi woƒe agbadɔwo me.


Tete Yosua yrae, eye wòtsɔ Xebron na Kaleb, Yefune vi la, ne wòanye eƒe domenyinu.


Di adelã, eye naɖa nu nyuia ɖe vɛ nam, ne maɖu, eye mayra wò le Yehowa ƒe ŋku me hafi aku.


Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe.


Eye eya hã ɖa du nyuia ɖe tsɔ vɛ na fofoa, eye wògblɔ na fofoa bena: Fofonye, fɔ ɖe ali nu, eye naɖu viwò ƒe adelã la, bena nayram!


Esi wote ɖe eŋu ɖuɖɔ nu nɛ la, eʋẽ eƒe awu me se; eye wòyrae gblɔ bena: Ehɛ̃, vinye le ʋeʋẽm abe alesi gbe, si Yehowa yra, ʋẽnae ene.


Ale medze sii o, elabena eƒe asiwò to fu kedzekedze abe nɔvia Esau ƒe asi ene, eye wòyrae.


Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!


Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Eye Rebeka se nya, siwo Isak gblɔ na via Esau la. Ke esi Esau yi gbe me, be woawu lã atsɔ va aƒee la,


Yi lãhawo gbɔ, eye nalé gbɔ̃vi nyui eve vɛ nam, bena maɖa nu nyuia ɖe na fofowò, abe alesi nyoa eŋu ene.


Tete wòyi ɖalée vɛ na dadaa, eye dadaa ɖa nu nyuia ɖe, abe alesi nyoa fofoa ŋu ene.


Eye wòtsɔ nuɖuɖu la kple abolo, si wòƒo la, ɖe asi na via Yakob.


Yakob gblɔ na fofoa bena: Nye enye Esau, wò ŋgɔgbevi, mewɔ abe alesi nègblɔ nam ene. Fɔ ɖe ali nu, ne naɖu nye adelã la, eye nayram.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite